4 Mose 13:1-33

  • Wodɔ ŋkutsala 12 ɖo ɖe Kanaan-nyigbaa dzi (1-24)

  • Ŋkutsala ewo gblɔ dziɖeleameƒonyawo (25-33)

13  Yehowa gblɔ na Mose be:  “Dɔ ŋutsuwo ɖa ne woayi aɖatsa ŋku le Kanaan-nyigba si metsɔ le Israel-viwo na ge la dzi. Dɔ ŋutsu ɖeka tso woƒe toawo dometɔ ɖe sia ɖe me, eye wo katã nanye tatɔwo.”+  Ale Mose dɔ wo ɖa tso Paran gbedzi,+ abe ale si Yehowa de see ene. Ŋutsuawo katã nye Israel-viwo ƒe tatɔwo.  Woƒe ŋkɔwoe nye esi: Samua, Zakur vi, tso Ruben-to la me;  Safat, Hori vi, tso Simeon-to la me;  Kaleb,+ Yefune vi, tso Yuda-to la me;  Yigal, Yosef vi, tso Isakar-to la me;  Hosea,+ Nun vi, tso Efrayim-to la me;  Palti, Rafu vi, tso Benyamin-to la me; 10  Gadiel, Sodi vi, tso Zebulon-to la me; 11  Gadi, Susi vi ye tso Yosef-to+ la me na Manase-to+ la; 12  Amiel, Gemali vi, tso Dan-to la me; 13  Setur, Mikael vi, tso Aser-to la me; 14  Nahbi, Wofsi vi, tso Naftali-to la me; 15  Geuel, Maki vi, tso Gad-to la me. 16  Ame siwo Mose dɔ ɖa be woayi aɖatsa ŋku le anyigba la dzi la ƒe ŋkɔwoe nye esiawo. Eye Mose tsɔ ŋkɔ na Hosea, Nun vi be Yosua.*+ 17  Esi Mose dɔ wo be woaɖatsa ŋku le Kanaan-nyigbaa dzi la, egblɔ na wo be: “Mitso afi sia miayi Negeb* kple tonuto la me.+ 18  Milé ŋku ɖe ale si anyigba la le ŋu,+ ne miakpɔe ɖa be ame siwo le edzi la nye ame sesẽwo loo alo ame beliwo, be wosɔ gbɔ loo alo womesɔ gbɔ o hã, 19  eye miakpɔe ɖa be anyigba la nyo loo alo menyo o, be agbadɔwo me ameawo le loo alo du sesẽwo mee wole hã. 20  Azɔ hã, mikpɔe ɖa be anyigba la wɔa nu loo alo mewɔa nu o,+ be atiwo le edzi loo alo womeli o. Milé dzi ɖe ƒo,+ ne miatsɔ anyigba la dzi kutsetse aɖewo avɛ.” Ɣemaɣie waintsetse gbãtɔwo tea ɖiɖi.+ 21  Eya ta woyi ɖatsa ŋku le anyigba la dzi tso Zin+ gbedzi yi Rehob,+ si gogo Lebo-Hamat.*+ 22  Esi woyi Negeb la, wova Hebron,+ afi si Ahiman, Sesai kple Talmai+ vi siwo dzɔ tso Anak+ me la le. Wotso Hebron dua ƒe adre megbe hafi wova tso Zoan si le Egipte. 23  Esi wova ɖo Eskol Bali+ la me la, wotso waintsetse kpo ɖeka le afi ma, eye ame evee ƒo ati ɖe eme hafi te ŋu tsɔe ɖe abɔta; wogbe yevuboɖawo kple gbotsetsewo hã.+ 24  Woyɔ teƒe ma be Eskol Bali,+ le wainkpo si Israel-viwo tso le afi ma la ta. 25  Wotrɔ gbɔ le ŋkeke blaene+ megbe esi wotsa ŋku le anyigba la dzi vɔ. 26  Wotrɔ va Mose kple Aron kpakple Israel ƒe ha blibo la gbɔ le Paran gbedzi, le Kades.+ Eye wotsɔ dɔgbedenyawo vɛ na wo kple ha blibo la katã hetsɔ anyigba la dzi kutsetsewo fia wo. 27  Eye wogblɔ na Mose be: “Míede anyigba si dzi nèdɔ mí ɖo la dzi, eye notsi kple anyitsi le sisim le+ edzi vavã, eye edzi kutsetsewo hãe nye esi.+ 28  Gake nya lae nye be, anyigba la dzi tɔwo nye ame sesẽwo, eye woƒe duawo sesẽ helolo ŋutɔ. Míekpɔ ame siwo dzɔ tso Anak me hã le afi ma.+ 29  Amalektɔwo+ le Negeb-nyigba+ dzi, Hititɔwo kple Yebusitɔwo+ kpakple Amoritɔwo+ le tonuto la me, eye Kanaantɔwo+ le atsiaƒu la nu+ kple Yordan ƒe go ŋu.” 30  Eye Kaleb dze agbagba be yeatsi nya ɖe ameawo nu le Mose ŋkume hegblɔ be: “Mina míayi enumake, ne míaxɔe wòazu mía tɔ, elabena míate ŋu axɔe godoo.”+ 31  Ke ŋutsu siwo yi kplii la gblɔ be: “Míate ŋu aho ɖe dukɔ la ŋu o, elabena wosesẽ wu mí.”+ 32  Eye woyi edzi nɔ dziɖeleameƒonyawo+ gblɔm na Israel-viwo tso anyigba si dzi woyi ɖatsa ŋku le la ŋu be: “Anyigba si dzi míede ɖatsa ŋku le la nye anyigba si le edzinɔlawo mim; eye ame siwo katã míekpɔ le afi ma la dzɔ atsu ale gbegbe.+ 33  Míekpɔ Nefilim, siwo nye Anak viwo,+ ame siwo dzɔ tso Nefilimwo me la hã le afi ma, ale be ɖeko míekpɔ mía ɖokuiwo abe ʋetsuviwo ene, eye nenemae woawo hã wokpɔ míi.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Yehosua,” si gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname.”
Alo, “Anyiehe.”
Alo, “Hamat ƒe dodonu.”