4 Mose 17:1-13

  • Aron ƒe atikplɔ dzè (1-13)

17  Azɔ Yehowa gblɔ na Mose be:  “Ƒo nu kple Israel-viwo, eye nàxɔ atikplɔ ɖeka le toawo ƒe tatɔwo dometɔ ɖe sia ɖe si, le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu,+ wòanye atikplɔ wuieve. Nàŋlɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ ɖe eƒe atikplɔ ŋu.  Eye nàŋlɔ Aron ƒe ŋkɔ ɖe Lewi ƒe atikplɔ ŋu, elabena atikplɔ ɖekae li na tatɔ ɖe sia ɖe le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu.  Tsɔ atikplɔawo da ɖe takpegbadɔa me le Ðaseɖinu+ la ŋgɔ, le afi si meɖea ɖokuinye fiaa mi le.+  Ame si matia+ la ƒe atikplɔ adzè, ne matsi Israel-viwo ƒe liʋiliʋĩlilĩ le ŋunye+ la nu, eye woadzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le miawo hã ŋu.”+  Ale Mose gblɔ nya siawo na Israel-viwo, eye woƒe tatɔwo katã tsɔ woƒe atikplɔwo vɛ, tatɔ ɖeka atikplɔ ɖeka, le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu; wole atikplɔ wuieve. Aron ƒe atikplɔ hã le woƒe atikplɔawo dome.  Eye Mose tsɔ atikplɔawo da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ si me Ðaseɖiɖiɖaka le la me.  Esi ŋu ke, eye Mose yi agbadɔ si me Ðaseɖiɖiɖaka le me la, kpɔ ɖa, Aron ƒe atikplɔ si nye Lewi ƒe aƒea tɔ la dzè, eto aŋgba, eye wòƒo se hetse yevuzi ɖiɖiwo.  Eye Mose fɔ atikplɔawo le Yehowa ŋkume va Israel-viwo katã ŋkume. Wo katã wokpɔe, eye ame sia ame tsɔ eƒe atikplɔ. 10  Eye Yehowa gblɔ na Mose be: “Gbugbɔ Aron ƒe atikplɔ+ la da ɖe Ðaseɖinu la ŋgɔ be woadzrae ɖo ɖi wòanye dzesi+ na vi dzeaglãwo,+ be woadzudzɔ liʋiliʋĩlilĩ le ŋunye, ne woagaku o.” 11  Enumake Mose wɔe abe ale si tututu Yehowa de se nɛ ene. Nenema pɛpɛpɛ wòwɔe. 12  Eye Israel-viwo gblɔ na Mose be: “Azɔ míele kuku ge, mía nu ayi, mí katã míatsrɔ̃ godoo! 13  Ame sia ame si gogo Yehowa ƒe avɔgbadɔa la aku!+ Ðe mí katã míaku avɔ keŋkeŋua?”+

Etenuŋɔŋlɔ