4 Mose 19:1-22

  • Nyinɔ dzĩ kple nuŋukɔtsi la (1-22)

19  Yehowa gagblɔ na Mose kple Aron be:  “Se si Yehowa dee nye esi, ‘Gblɔ na Israel-viwo be woakplɔ nyinɔ dzĩ si sɔ blibo, si nu mewɔ afi aɖeke na o,+ eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la, avɛ na wò.  Mitsɔe na nunɔla Eleazar wòakplɔ ayi asaɖa la godo, eye woawui le eŋkume.  Eye nunɔla Eleazar nade eƒe asibidɛ ʋua ƒe ɖe me ahlẽ ʋua zi adre ɖo ɖe takpegbadɔ la ŋgɔ lɔƒo.+  Eyome woatɔ dzo nyinɔ la le eŋkume. Woatɔ dzo eƒe agbalẽ, eƒe lã, eƒe ʋu kple eƒe dɔmemĩ siaa.+  Eye nunɔla la natsɔ sederti, isop gbe,+ kple ka dzĩ, ne wòada wo ɖe nyinɔ si le fiafiãm la dzi.  Eye nunɔla la nanya eƒe awuwo ahale tsi, emegbe ate ŋu ava asaɖa la me; ke nunɔla la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.  “‘Ame si tɔ dzo nyinɔ la nanya eƒe awuwo ahale tsi, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.  “‘Eye ŋutsu si ŋu kɔ la nalɔ nyinɔ la ƒe afi+ la ada ɖe teƒe dzadzɛ aɖe le asaɖa la godo, anye nu si woadzra ɖo ɖi na Israel ƒe ha la be woakɔ ɖe tsi si woazã hena nuŋukɔkɔ la me.+ Nuvɔ̃vɔsae wònye. 10  Ame si lɔ nyinɔ la ƒe afi la nanya eƒe awuwo, eye eŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. “‘Esia nanye se ɖaa na Israel-viwo kple amedzrovi siwo le wo dome la siaa.+ 11  Ame sia ame si ka asi ame kuku* aɖe ŋu la ŋu mekɔ o ŋkeke adre.+ 12  Ame sia natsɔ tsia akɔ eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe, eye le ŋkeke adrea gbe la, eŋu akɔ. Ke ne mekɔ eɖokui ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe o la, ekema eŋu makɔ le ŋkeke adrea gbe hã o. 13  Ame sia ame si ka asi ame kuku* aɖe ŋu, eye mekɔ eɖokui ŋu o la, eƒo ɖi Yehowa ƒe avɔgbadɔ+ la, eye woatsrɔ̃ ame* ma ɖa le Israel.+ Esi womehlẽ nuŋukɔtsi+ la ɖe eŋu o ta la, eŋu mekɔ o. Egakpɔtɔ nye ame makɔmakɔ. 14  “‘Se si dzi woawɔ ɖo ne ame aɖe ku ɖe agbadɔ aɖe me lae nye esi: Ame sia ame si ge ɖe agbadɔa me kple ame sia ame si le agbadɔa me ɣemaɣi la ŋu mekɔ o ŋkeke adre. 15  Nu sia nu si le nuvo, eye nutunu mele enu o la, ŋu mekɔ o.+ 16  Ame sia ame si ka asi ame si tsi yi nu alo ame kuku bubu aɖe, ameƒu alo yɔdo aɖe ŋu le gbe me la ŋu mekɔ o ŋkeke adre.+ 17  Woaku nuvɔ̃vɔsalã si wotɔ dzoe la ƒe afi la ƒe ɖe akɔ ɖe ze me, eye woakɔ tɔsisi me tsi ɖe edzi na ame si ŋu mekɔ o la. 18  Eye ŋutsu si ŋu kɔ+ la natsɔ isop gbe+ anyrɔ ɖe tsia me awu ɖe agbadɔa, eme nuwo katã, ame* siwo katã nɔ afi ma kple ame si ka asi ƒu alo ame si wowu alo ame kuku alo yɔdo ŋu la ŋuti. 19  Ame si ŋu kɔ la nawui ɖe ame si ŋu mekɔ o la ŋu le ŋkeke etɔ̃a gbe kple ŋkeke adrea gbe, eye wòakɔ eŋu tso nu vɔ̃ me le ŋkeke adrea gbe;+ eye wòanya eƒe awuwo ahale tsi, eye eŋu akɔ le fiẽ. 20  “‘Ke ne ame aɖe ŋu mekɔ o, gake wògbe eɖokui ŋu kɔkɔ la, ekema woatsrɔ̃ ame* ma ɖa le ha la dome,+ elabena Yehowa ƒe kɔkɔeƒe lae wòƒo ɖii. Womewu nuŋukɔtsi la ɖe eŋu o, eya ta eŋu mekɔ o. 21  “‘Esia nanye se na wo ɖaa be, ame si wu nuŋukɔtsia+ nanya eƒe awuwo, eye ame si ka asi nuŋukɔtsia ŋu hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ. 22  Nu sia nu si ŋu ame si ŋu mekɔ o la ka asii la ŋu mekɔ o, eye ame* si ka asi nu ma ŋu la hã ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “luʋɔ kuku.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “luʋɔ kuku.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”