4 Mose 2:1-34

  • Woma asaɖa la ɖe to etɔ̃ hatsotsowo me (1-34)

    • Yuda ƒe to etɔ̃ hatsotsoa le ɣedzeƒe gome (3-9)

    • Ruben ƒe to etɔ̃ hatsotsoa le anyiehe gome (10-16)

    • Lewi viwo naƒu asaɖa anyi ɖe titina (17)

    • Efrayim ƒe to etɔ̃ hatsotsoa le ɣetoɖoƒe gome (18-24)

    • Dan ƒe to etɔ̃ hatsotsoa le dziehe gome (25-31)

    • Aʋawɔla siwo katã ŋkɔ woŋlɔ ƒe xexlẽme (32-34)

2  Azɔ Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be:  “Israel-viwo dometɔ ɖe sia ɖe naƒu asaɖa anyi ɖe teƒe si woɖo na to etɔ̃ hatsotso+ si me wòle la nu, le wo fofowo ƒe aƒekɔwo ƒe dzesiti* gbɔ. Woaƒu asaɖa anyi adze ŋgɔ takpegbadɔ la godoo va kpe.  “To etɔ̃ siwo nu Yuda-toa le la naƒu asaɖa anyi ɖe ɣedzeƒe gome le woƒe hatsotsowo* nu. Yuda viwo ƒe tatɔe nye Aminadab vi Nahason.+  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaadre vɔ ene alafa ade.+  Isakar-to la naƒu asaɖa anyi ɖe exa. Isakar viwo ƒe tatɔe nye Zuar vi Netanel.+  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaatɔ̃ vɔ ene alafa ene.+  Eye Zebulon-to la nakpe ɖe wo ŋu. Zebulon viwo ƒe tatɔe nye Helon vi Eliab.+  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaatɔ̃ vɔ adre alafa ene.+  “Aʋawɔla siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Yuda ƒe asaɖaa ƒe to etɔ̃ hatsotsoa me la le ame akpe alafa ɖeka blaenyi vɔ ade alafa ene. Woawoe aho gbã.+ 10  “To etɔ̃ siwo nu Ruben-toa+ le la naƒu asaɖa anyi ɖe anyiehe gome le woƒe hatsotsowo* nu. Ruben viwo ƒe tatɔe nye Sedeur vi Elizur.+ 11  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaene vɔ ade alafa atɔ̃.+ 12  Simeon-to la naƒu asaɖa anyi ɖe exa. Simeon viwo ƒe tatɔe nye Zurisadai vi Selumiel.+ 13  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaatɔ̃ vɔ asieke alafa etɔ̃.+ 14  Eye Gad-to la nakpe ɖe wo ŋu. Gad viwo ƒe tatɔe nye Reuel vi Eliyasaf.+ 15  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaene vɔ atɔ̃ alafa ade blaatɔ̃.+ 16  “Aʋawɔla siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Ruben ƒe asaɖaa ƒe to etɔ̃ hatsotsoa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ ɖekɛ alafa ene blaatɔ̃, eye woawoe nye hatsotso evelia si aho.+ 17  “Ne woaho takpegbadɔa adze mɔ la,+ ekema Lewi viwo nahoe eye woƒe asaɖa la nanɔ asaɖa bubuawo titina. “Ale si woaƒu asaɖa anyii la, nenema nue woaho ɖo,+ ame sia ame nanɔ eteƒe, le to etɔ̃ ƒe hatsotso siwo me wole la nu. 18  “To etɔ̃ siwo nu Efrayim-toa le la naƒu asaɖa anyi ɖe ɣetoɖoƒe gome le woƒe hatsotsowo* nu. Efrayim viwo ƒe tatɔe nye Amihud vi Elisama.+ 19  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaene alafa atɔ̃.+ 20  Manase-to+ la nanɔ exa. Manase viwo ƒe tatɔe nye Pedahzur vi Gamaliel.+ 21  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaetɔ̃ vɔ eve alafa eve.+ 22  Eye Benyamin-to la nakpe ɖe wo ŋu. Benyamin viwo ƒe tatɔe nye Gideoni vi Abidan.+ 23  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ alafa ene.+ 24  “Aʋawɔla siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Efrayim ƒe asaɖaa ƒe to etɔ̃ hatsotsoa me la le ame akpe alafa ɖeka kple enyi alafa ɖeka, eye woawoe nye hatsotso etɔ̃lia si aho.+ 25  “To etɔ̃ siwo nu Dan-toa le la naƒu asaɖa anyi ɖe dziehe gome le woƒe hatsotsowo* nu. Dan viwo ƒe tatɔe nye Amisadai vi Ahiezer.+ 26  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaade vɔ eve alafa adre.+ 27  Aser-to la naƒu asaɖa anyi ɖe exa. Aser viwo ƒe tatɔe nye Okran vi Pagiel.+ 28  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaene vɔ ɖekɛ alafa atɔ̃.+ 29  Eye Naftali-to la nakpe ɖe wo ŋu. Naftali viwo ƒe tatɔe nye Enan vi Ahira.+ 30  Eƒe aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ene.+ 31  “Aʋawɔla siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Dan ƒe asaɖaa ƒe to etɔ̃ hatsotsoa me la le ame akpe alafa ɖeka blaatɔ̃ vɔ adre alafa ade. Woawoe nye to etɔ̃ hatsotso mamlɛtɔ si aho.”+ 32  Ame siawoe nye Israel-vi siwo ŋkɔ woŋlɔ le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu. Aʋawɔla siwo ŋkɔ woŋlɔ le asaɖaawo katã me la le ame akpe alafa ade kple etɔ̃ alafa atɔ̃ blaatɔ̃.+ 33  Gake womeŋlɔ Lewi viwo ya ŋkɔ+ kpe ɖe Israel-vi bubuawo ŋu o,+ abe ale si Yehowa de se na Mose ene. 34  Israel-viwo wɔ abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene. Aleae woƒua asaɖa anyi ɖe woƒe to etɔ̃ hatsotsowo nui,+ eye alea nue wohona ɖo,+ ame sia ame kple eƒe ƒome le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “dzesidenu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋakɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋakɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋakɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋakɔwo.”