4 Mose 20:1-29

  • Miriam ku le Kades (1)

  • Esime Mose ƒo agakpea hewɔ nu vɔ̃ (2-13)

  • Edom gbe be Israel megato yeƒe anyigba dzi o (14-21)

  • Aron ku (22-29)

20  Le ɣleti gbãtɔ me la, Israel ƒe ha blibo la va ɖo Zin gbedzi eye dukɔ la ƒu asaɖa anyi ɖe Kades.+ Afi mae Miriam+ ku ɖo, eye afi mae woɖii ɖo.  Ke tsi mele teƒe ma na ha la o,+ eye wotso ɖe Mose kple Aron ŋu.  Eye dukɔ la kpe dzre kple Mose+ gblɔ be: “Ne ɖe míeku esime mía nɔviwo ku le Yehowa ŋkume la, ne enyo wu!  Nu ka tae miekplɔ Yehowa ƒe ha la va gbe sia dzi, be mía kple míaƒe lãwo míaku ɖe afi sia?+  Eye nu ka tae miekplɔ mí tso Egipte va teƒe vloe sia?+ Menye teƒe si nuku, gbotsetsewo, waintsetsewo kple yevuboɖawo le o, eye tsi hã mele afi sia míano o.”+  Eye Mose kple Aron dzo le ha la ŋkume yi takpegbadɔa nu eye wotsyɔ mo anyi, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze na wo wokpɔ.+  Yehowa gblɔ na Mose be:  “Tsɔ atikplɔ la, eye wò kple nɔviwò Aron miaƒo ha la nu ƒu, eye nàƒo nu na agakpe la le wo ŋkume, ne wòana tsi mi, eye nàna tsi nado tso agakpe la me na ha la kple woƒe lãwo woano.”+  Ale Mose tsɔ atikplɔ la le Yehowa ŋkume,+ abe ale si tututu wògblɔ nɛ ene. 10  Eye Mose kple Aron yɔ ha la ƒo ƒu ɖe agakpe la ŋgɔ, eye wògblɔ na wo be: “Mi aglãdzelawo, misee! Ðe míate ŋu ana tsi nado tso agakpe sia me na mia?”+ 11  Eye Mose kɔ asi dzi hetsɔ atikplɔ la ƒo agakpe la zi eve, ale tsi do bababa, eye ha la kple woƒe lãwo de asi enono me.+ 12  Emegbe Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be: “Esi miexɔ dzinye se hekɔ ŋunye le Israel-viwo ŋkume o ta la, miakplɔ ha sia ayi anyigba si matsɔ ana wo la dzi o.”+ 13  Esiae nye Meriba* tsi,+ elabena Israel-viwo wɔ dzre kple Yehowa, eye wòkɔ eɖokui ŋu le wo dome. 14  Emegbe Mose dɔ amewo tso Kades ɖo ɖe Edom-fia+ gbɔ be: “Ale nɔviwò Israel+ gblɔe nye esi, ‘Wò ŋutɔ ènya fukpekpe siwo katã me míeto la nyuie. 15  Mía fofowo yi Egipte,+ eye míenɔ Egipte ƒe* geɖe;+ Egiptetɔwo wɔ fu mía kple mía fofowo.+ 16  Mlɔeba míedo ɣli na Yehowa,+ eye wòse míaƒe gbe, eye wòdɔ mawudɔla+ aɖe ɖa wòkplɔ mí dzoe le Egipte, kpɔ ɖa, fifia míele Kades, du si le wò liƒo ŋu la me. 17  Míeɖe kuku, na míato wò anyigba dzi ayi. Míato agble alo waingble aɖeke me o, eye míano vudo aɖeke me tsi o. Fia Ƒe Mɔ la dzi míato. Míadze ɖe ɖusime alo miame o, va se ɖe esime míeto wò anyigba la dzi yi.’”+ 18  Ke Edom ɖo eŋu nɛ be: “Màto nye anyigba dzi o. Ne ètee kpɔ la, mado kple yi ava kpe wò.” 19  Eye Israel-viwo gblɔ nɛ be: “Míedi be míato mɔ gã la dzi ko ava yi, eye ne mía kple míaƒe lãhawo míeno wò tsi la, ekema míaxe fe ɖe eta.+ Ðeko míedi be míazɔ to edzi ava yi, esia ko biam míele.”+ 20  Ke egblɔ be: “Miato edzi ayi o.”+ Eye Edom tsɔ aʋakɔ gã aɖe si sesẽ la do go va wo kpe ge. 21  Ale Edom gbe gbidigbidi be yemaɖe mɔ Israel nato yeƒe anyigba dzi ayi o. Eya ta Israel gɔdɔ̃ mɔ to eŋu.+ 22  Israel ƒe ha blibo la katã ho tso Kades heva Hor To la gbɔ.+ 23  Eye Yehowa gblɔ na Mose kple Aron le Hor To la gbɔ le Edom-nyigba ƒe liƒo dzi be: 24  “Woatsɔ Aron akpe ɖe eƒe amewo ŋu;*+ mage ɖe anyigba si matsɔ ana Israel-viwo la dzi o, elabena mi ame evea miewɔ ɖe nye ɖoɖowo dzi ku ɖe Meriba tsi la ŋu o.+ 25  Kplɔ Aron kple viaŋutsu Eleazar miayi Hor To la dzi. 26  Eye nàɖe Aron ƒe awuwo+ le eŋu ado na via Eleazar,+ Aron aku le afi ma.” 27  Eye Mose wɔ abe ale si tututu Yehowa gblɔ ene, wolia Hor To la esi ha blibo la nɔ wo yome kpɔm. 28  Eye Mose ɖe Aron ƒe awuawo le eŋu tsɔ do na viaŋutsu Eleazar. Emegbe Aron ku le afi ma, le toa tame.+ Eye Mose kple Eleazar ɖi tso to la dzi. 29  Esi ha blibo la kpɔe be Aron ku la, Israel ƒe aƒe blibo la katã fa Aron ŋkeke blaetɔ̃ sɔŋ.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmee nye, “Dzrewɔwɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋkeke.”
Esia nye nya si wozãna ne wole nu ƒom tso ku ŋu.