4 Mose 24:1-25

  • Bileam ƒe hamelo etɔ̃lia (1-11)

  • Bileam ƒe hamelo enelia (12-25)

24  Esi Bileam kpɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel la, megayi ɖadi vɔ̃ na wo abe tsã ene o,+ ke boŋ etrɔ dze ŋgɔ gbea dzi.  Esi Bileam fɔ mo dzi kpɔ Israel ƒe to vovovoawo+ le woƒe avɔgbadɔwo me la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi.+  Eye wòdo hamelo sia be:+ “Bileam, Beor vi ƒe numegbee nye esi,Ŋutsu si ƒe ŋkuwo le ʋuʋu ɖi la ƒe gbee nye esi,   Ame si le Mawu ƒe nyawo sem la ƒe gbe,Ame si kpɔ Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋutega,Ame si tsyɔ mo anyi esi eƒe ŋkuwo le te:+   Oo Yakob, wò agbadɔwo nya kpɔ loo!Oo Israel, wò avɔgbadɔwo dze ani ŋutɔ!+   Wode didiƒe ke abe baliwo ene,+Abe abɔ siwo le tɔsisi to ene,Abe aloeti siwo Yehowa do ene,Abe sederti siwo le tɔ to ene.   Tsi le tsyɔtsyɔm tso eƒe lãgbalẽgolo eveawo me,Eye wòƒã eƒe nukuwo* ɖe tɔ geɖewo to.+ Eƒe fia+ hã axɔ ŋkɔ wu Agag,+Eye woado eƒe fiaɖuƒe ɖe dzi.+   Mawu kplɔe tso Egipte gbɔna;Ele abe gbenyi ƒe dzo ene na wo. Aɖu dukɔ siwo tee ɖe to la keŋ,+Agbã woƒe ƒuwo, eye wòatsɔ eƒe aŋutrɔwo akaka wo.   Ele adeklo dzi, etsyɔ akɔ anyi abe dzata ene,Eye abe dzatatsu ene la, ame kae ake atsɛ aʋuʋui? Ame siwo yraa wò la nye yayratɔwo,Eye ame siwo ƒoa fi dea wò la nye fiƒodemewo.”+ 10  Ale Balak do dɔmedzoe ɖe Bileam ŋu hesi akpe gblɔ na Bileam be: “Ðe meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo nam,+ eye kpɔ ɖa, èva yra wo zi etɔ̃ sɔŋ boŋ. 11  Azɔ netsɔ nàtrɔ ayi mia de. Ðe meɖoe be made bubu gã ŋuwò hafi,+ gake kpɔ ɖa, Yehowa te bubu la wò.” 12  Bileam ɖo eŋu na Balak be: “Ðe nyemegblɔ na ame siwo nèdɔ ɖe gbɔnye be, 13  ‘Ne Balak atsɔ eƒe xɔ si klosalo kple sika yɔ fũu nam hã la, nyemate ŋu ada Yehowa ƒe se dzi awɔ nyui alo vɔ̃ aɖeke le ɖokuinye si o. Nya si Yehowa agblɔ nam la koe magblɔ’ oa?+ 14  Azɔ metrɔ yina mía de. Na magblɔ nu si dukɔ sia ava wɔ wò dukɔ la le ŋkeke siwo gbɔna me la na wò.” 15  Eye wòdo hamelo sia be:+ “Bileam, Beor vi ƒe numegbee nye esi,Ŋutsu si ƒe ŋkuwo le ʋuʋu ɖi la ƒe gbee nye esi,+ 16  Ame si le Mawu ƒe nyawo sem la ƒe gbe,Ame si dze si Dziƒoʋĩtɔ la,Ekpɔ Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋutegaEsime wòtsyɔ mo anyi eye eƒe ŋkuwo le te: 17  Makpɔe, gake menye fifia o;Makpɔe, gake menye enumake o. Ɣletivi+ aɖe ado tso Yakob me,Fiatikplɔ+ aɖe ado tso Israel me.+ Agbã ŋgo na Moab,*+Eye wòakaka ta le zinyèlawo katã nu. 18  Woaxɔ Edom,+Ɛ̃, Seir+ azu eƒe futɔwo tɔ,+Ne Israel ɖe eƒe ŋusẽ fia. 19  Ame aɖe ado tso Yakob me aɖu futɔwo dzi,+Eye wòatsrɔ̃ ame siwo katã kpɔtɔ ɖe dua me.” 20  Esi wòtrɔ kpɔ Amalek la, egayi eƒe hameloa dzi be: “Amalek ye nye gbãtɔ le dukɔwo dome,+Ke mlɔeba ava tsrɔ̃.”+ 21  Esi wòtrɔ kpɔ Kenitɔwo+ la, egayi eƒe hameloa dzi be: “Èna wò aƒe li ke sesĩe, eye nètu wò nɔƒe ɖe agakpe dzi. 22  Ke ame aɖe ava tɔ dzo Kain. Ɣeyiɣi didi kae gasusɔ hafi Asiria naɖe aboyo wò?” 23  Eye wògayi eƒe hameloa dzi be: “Baba! Ame kae atsi agbe ne Mawu wɔ nu sia? 24  Tɔdziʋuwo atso Kitim ƒuta,+Eye woawɔ fu Asiria,+Ɛ̃, woawɔ fu Eber. Ke eya hã atsrɔ̃ keŋkeŋ.” 25  Emegbe Bileam+ tso hetrɔ dzo yi enɔƒe. Eye Balak hã lé eƒe mɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “dzidzimeviwo.”
Alo, “agbã tonuƒui na Moab.”