4 Mose 26:1-65

  • Israel-toawo me tɔwo xexlẽ zi evelia (1-65)

26  Le fuwɔame+ la megbe la, Yehowa gblɔ na Mose kple nunɔla Aron viŋutsu Eleazar be:  “Mixlẽ Israel ƒe ha blibo la me tɔ siwo katã xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ, siwo katã ate ŋu ayi aʋa le Israel la, le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu.”+  Eye Mose kple nunɔla Eleazar+ ƒo nu kpli wo le Moab tagba,+ le Yordan nu le Yeriko+ gbɔ gblɔ be:  “Mixlẽ ame siwo xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ, abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene.”+ Ke Israel-vi siwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi lae nye esi:  Ruben+ si nye Israel ƒe ŋgɔgbevi+ la ƒe viwoe nye: Hanok kple eƒe ƒome; Palu kple eƒe ƒome;  Hezron kple eƒe ƒome; Karmi kple eƒe ƒome.  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Ruben viwo ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaene vɔ etɔ̃ alafa adre blaetɔ̃.+  Palu vie nye Eliab.  Eliab viwoe nye Nemuel, Datan kple Abiram. Datan sia kple Abiram nye adaŋudelawo le takpekpewo me, ame siwo kpe ɖe Kora ƒe ha+ la ŋu wowɔ dzre kple Mose+ kpakple Aron, esime wowɔ dzre kple Yehowa.+ 10  Eye anyigba ke nu mi wo. Ke Kora ya ku esime dzo fiã eya kple ŋutsu alafa eve blaatɔ̃ siwo de edzi la.+ Ale wozu nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu.+ 11  Ke Kora viwo ya meku o.+ 12  Simeon+ viwoe nye esi le woƒe ƒomewo nu: Nemuel kple eƒe ƒome; Yamin kple eƒe ƒome; Yakin kple eƒe ƒome; 13  Zera kple eƒe ƒome; Saul kple eƒe ƒome. 14  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Simeon viwo ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaeve vɔ eve alafa eve.+ 15  Gad+ viwoe nye esi le woƒe ƒomewo nu: Zefon kple eƒe ƒome; Hagi kple eƒe ƒome; Suni kple eƒe ƒome; 16  Ozni kple eƒe ƒome; Eri kple eƒe ƒome; 17  Arod kple eƒe ƒome; Areli kple eƒe ƒome. 18  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Gad viwo ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaene alafa atɔ̃.+ 19  Yuda+ viwoe nye Er kple Onan.+ Ke Er kple Onan ku le Kanaan-nyigba dzi.+ 20  Yuda viwoe nye esi le woƒe ƒomewo nu: Sela+ kple eƒe ƒome; Perez+ kple eƒe ƒome; Zera+ kple eƒe ƒome. 21  Perez viwoe nye Hezron+ kple eƒe ƒome; Hamul+ kple eƒe ƒome. 22  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Yuda ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaadre vɔ ade alafa atɔ̃.+ 23  Isakar+ viwoe nye esi le woƒe ƒomewo nu: Tola+ kple eƒe ƒome; Puwa kple eƒe ƒome; 24  Yasub kple eƒe ƒome; Simron kple eƒe ƒome. 25  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Isakar ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaade vɔ ene alafa etɔ̃.+ 26  Zebulon+ viwoe nye esi le woƒe ƒomewo nu: Sered kple eƒe ƒome; Elon kple eƒe ƒome; Yahlel kple eƒe ƒome. 27  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Zebulon viwo ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaade alafa atɔ̃.+ 28  Yosef+ viwoe nye Manase kple Efrayim+ le woƒe ƒomewo nu. 29  Manase+ viwoe nye Makir+ kple eƒe ƒome. Makir dzi Gilead.+ Gilead hã kple eƒe ƒome. 30  Ame siawoe nye Gilead viwo: Yezer kple eƒe ƒome; Helek kple eƒe ƒome; 31  Asriel kple eƒe ƒome; Sekem kple eƒe ƒome; 32  Semida kple eƒe ƒome; Hefer kple eƒe ƒome. 33  Ke viŋutsu aɖeke mele Hefer vi Zelofehad si o, negbe vinyɔnuwo ko,+ eye Zelofehad vinyɔnuawo+ ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza. 34  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Manase ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaatɔ̃ vɔ eve alafa adre.+ 35  Ame siawoe nye Efrayim+ viwo le woƒe ƒomewo nu: Sutela+ kple eƒe ƒome; Beker kple eƒe ƒome; Tahan kple eƒe ƒome. 36  Ame siawoe nye Sutela viwo: Eran kple eƒe ƒome. 37  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Efrayim viwo ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaetɔ̃ vɔ eve alafa atɔ̃.+ Ame siawoe nye Yosef viwo le woƒe ƒomewo nu. 38  Benyamin+ viwoe nye esiawo le woƒe ƒomewo nu: Bela+ kple eƒe ƒome; Asbel kple eƒe ƒome; Ahiram kple eƒe ƒome; 39  Sefufam kple eƒe ƒome; Hufam kple eƒe ƒome. 40  Bela viwoe nye Ard kple Naaman:+ Ard kple eƒe ƒome; Naaman kple eƒe ƒome. 41  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Benyamin viwo ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaene vɔ atɔ̃ alafa ade.+ 42  Ame siawoe nye Dan+ viwo le woƒe ƒomewo nu: Suham kple eƒe ƒome. Woawoe nye Dan viwo ƒe ƒomeawo. 43  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Suham viwo ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaade vɔ ene alafa ene.+ 44  Aser+ viwoe nye esi le woƒe ƒomewo nu: Yimna kple eƒe ƒome; Yiswi kple eƒe ƒome; Beria kple eƒe ƒome; 45  Beria viwoe nye esi: Heber kple eƒe ƒome; Malkiel kple eƒe ƒome. 46  Aser vinyɔnu ŋkɔe nye Sera. 47  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Aser viwo ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaatɔ̃ vɔ etɔ̃ alafa ene.+ 48  Naftali+ viwoe nye esi le woƒe ƒomewo nu: Yahzel kple eƒe ƒome; Guni kple eƒe ƒome; 49  Yezer kple eƒe ƒome; Silem kple eƒe ƒome. 50  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Naftali ƒe ƒomeawo me la le ame akpe blaene vɔ atɔ̃ alafa ene.+ 51  Ame siwo katã ŋkɔ woŋlɔ le Israel-viwo dome la va le ame akpe alafa ade kple ɖeka alafa adre blaetɔ̃.+ 52  Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be: 53  “Woama anyigba la na ame siawo wòazu woƒe domenyinu le woƒe ŋkɔwo ƒe xexlẽme nu.*+ 54  Ame siwo sɔ gbɔ la ƒe domenyinu nalolo, eye ame siwo mesɔ gbɔ o la ƒe domenyinu nanɔ ʋɛ.+ Woama domenyinu na wo ɖe ame siwo ŋkɔ woŋlɔ la ƒe agbɔsɔsɔ nu. 55  Gake woadzidze nu ɖe anyigba la dzi hafi amae.+ Eye woaxɔ domenyinu la ɖe wo fofowo ƒe toawo ƒe ŋkɔwo nu. 56  Woadzidze nu hafi ama domenyinu ɖe sia ɖe na ame siwo sɔ gbɔ kple ame siwo mesɔ gbɔ o la siaa.” 57  Ke Lewi vi+ siwo ƒe ŋkɔwo woŋlɔ le woƒe ƒomewo nu lae nye esi: Gerson kple eƒe ƒome; Kohat+ kple eƒe ƒome; Merari kple eƒe ƒome; 58  Ame siawoe nye Lewi viwo ƒe ƒomeawo: Libni+ kple eƒe ƒome, Hebron+ kple eƒe ƒome, Mahli+ kple eƒe ƒome, Musi+ kple eƒe ƒome, Kora+ kple eƒe ƒome. Kohat dzi Amram.+ 59  Amram srɔ̃ ŋkɔe nye Yokebed,+ si nye nyɔnuvi si wodzi na Lewi le Egipte. Eye Yokebed dzi Aron, Mose, kple wo nɔvinyɔnu Miriam+ na Amram. 60  Wodzi Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar+ na Aron. 61  Ke Nadab kple Abihu ku le esi wodo dzo si ŋu womeɖe mɔ ɖo o le Yehowa ŋkume ta.+ 62  Ŋutsu siwo katã xɔ tso ɣleti ɖeka, siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ la va le ame akpe blaeve vɔ etɔ̃.+ Womeŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe Israel-viwo dome o,+ elabena womana domenyinu aɖeke wo le Israel-viwo dome o.+ 63  Ame siawoe nye Israel-vi siwo ŋkɔ Mose kple nunɔla Eleazar ŋlɔ le Moab tagba le Yordan nu le Yeriko gbɔ. 64  Ke Israel-vi siwo ŋkɔ Mose kple nunɔla Aron ŋlɔ esime wonɔ Sinai gbedzi la dometɔ aɖeke mele ame siawo dome o.+ 65  Elabena Yehowa gblɔ le wo ŋu be: “Woaku le gbea dzi godoo.”+ Eya ta wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune vi kple Yosua, Nun vi la ko.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “le ŋkɔawo ƒe agbɔsɔsɔme si woŋlɔ ɖi nu.”