4 Mose 29:1-40

  • Ðoɖo siwo nu woasa vɔawo le (1-40)

    • Kpẽkugbe (1-6)

    • Avuléŋkeke (7-11)

    • Agbadɔŋkekenyui (12-38)

29  “‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, miawɔ takpekpe kɔkɔe. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.+ Kpẽkugbe wòanye na mi.+  Eye miatsɔ nyitsui ɖeka, agbo ɖeka kple alẽtsui adre, siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, eye wosɔ blibo la, asa numevɔ be wòanye ʋeʋẽ lilili* na Yehowa;  eye miatsɔ wɔ memee efa me mama ɖe ewo ƒe akpa etɔ̃ si wotsɔ ami dzabae la asa nuɖuvɔ akpe ɖe nyitsu la ŋu, eye miatsɔ efa me mama ɖe ewo ƒe akpa eve akpe ɖe agbo la ŋu,  kple efa me mama ɖe ewo ƒe akpa ɖeka akpe ɖe alẽtsui adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu;  eyome woatsɔ gbɔ̃tsui ɖeka asa nuvɔ̃vɔ atsɔ alé avu ɖe mia ta.  Miasa vɔ siawo akpe ɖe numevɔ kple nuɖuvɔ+ si miesana ɣleti sia ɣleti kpakple numevɔ kple nuɖuvɔ+ kpakple wo ŋuti nunovɔ+ si miesana ɖaa la ŋu, be wòanye dzovɔsa si aʋẽ lilili* na Yehowa.  “‘Le ɣleti adrelia sia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, miawɔ takpekpe kɔkɔe,+ eye miawɔ fu mia ɖokui.* Migawɔ dɔ aɖeke o.+  Mitsɔ nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui adre siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la sa numevɔ be wòanye ʋeʋẽ lilili* na Yehowa. Lã siwo miatsɔ avɛ la nasɔ blibo.+  Eye miatsɔ wɔ memee efa me mama ɖe ewo ƒe akpa etɔ̃ si wotsɔ ami dzabae la asa nuɖuvɔ kpe ɖe nyitsui la ŋu, eye miatsɔ efa me mama ɖe ewo ƒe akpa eve akpe ɖe agbo ɖeka la ŋu, 10  eye miatsɔ efa me mama ɖe ewo ƒe akpa ɖeka akpe ɖe alẽtsui adreawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu; 11  eyome woatsɔ gbɔ̃tsui ɖeka asa nuvɔ̃vɔ akpe ɖe nuvɔ̃vɔsa si wotsɔ lé avui+ la ŋu, eye miatsɔ numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple wo ŋuti nunovɔ si wosana ɖaa la akpe ɖe eŋu. 12  “‘Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi la, miawɔ takpekpe kɔkɔe. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye miaɖu ŋkekenyui na Yehowa ŋkeke adre sɔŋ.+ 13  Mitsɔ nyitsui wuietɔ̃, agbo eve kple alẽtsui wuiene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka la, sa numevɔ+ be wòanye dzovɔ si aʋẽ lilili* na Yehowa. Woanye lã siwo sɔ blibo.+ 14  Eye miatsɔ wɔ memee efa me mama ɖe ewo ƒe akpa etɔ̃ si wotsɔ ami dzabae la asa nuɖuvɔ kpe ɖe nyitsui wuietɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, eye miatsɔ efa me mama ɖe ewo ƒe akpa eve akpe ɖe agbo eveawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, 15  eye miatsɔ efa me mama ɖe ewo ƒe akpa ɖeka akpe ɖe alẽtsui wuieneawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu; 16  eyome miatsɔ gbɔ̃tsui ɖeka asa nuvɔ̃vɔ hekpe ɖe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple eŋuti nunovɔ+ si miesana ɖaa la ŋu. 17  “‘Le ŋkeke evea gbe la, miatsɔ nyitsui wuieve, agbo eve kple alẽtsui wuiene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka eye wosɔ blibo+ la asa vɔe; 18  eye miatsɔ wo ŋuti nuɖuvɔ kple nunovɔ akpe ɖe nyitsuawo, agboawo, kple alẽtsuiawo ŋu ɖe woƒe xexlẽme nu le vɔsaɖoɖo la nu; 19  eyome woatsɔ gbɔ̃tsui ɖeka asa nuvɔ̃vɔ akpe ɖe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple eŋuti nunovɔ+ si miesana ɖaa la ŋu. 20  “‘Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, miatsɔ nyitsu wuiɖekɛ, agbo eve kple alẽtsui wuiene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka eye wosɔ blibo+ la asa vɔe; 21  eye miatsɔ wo ŋuti nuɖuvɔ kple nunovɔ akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽtsuiawo ŋu ɖe woƒe xexlẽme nu le vɔsaɖoɖo la nu; 22  eyome woatsɔ gbɔ̃ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ akpe ɖe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple eŋuti nunovɔ si miesana+ ɖaa la ŋu. 23  “‘Le ŋkeke enea gbe la, miatsɔ nyitsu ewo, agbo eve kple alẽtsui wuiene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka eye wosɔ blibo+ la asa vɔe; 24  eye miatsɔ wo ŋuti nuɖuvɔ kple nunovɔ akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽtsuiawo ŋu ɖe woƒe xexlẽme nu le vɔsaɖoɖo la nu; 25  eyome woatsɔ gbɔ̃tsui ɖeka asa nuvɔ̃vɔ akpe ɖe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple eŋuti nunovɔ+ si miesana ɖaa la ŋu. 26  “‘Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, miatsɔ nyitsu asieke, agbo eve kple alẽtsui wuiene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka eye wosɔ blibo+ la asa vɔe; 27  eye miatsɔ wo ŋuti nuɖuvɔ kple nunovɔ akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽtsuiawo ŋu ɖe woƒe xexlẽme nu le vɔsaɖoɖo la nu; 28  eyome woatsɔ gbɔ̃ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ akpe ɖe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple eŋuti nunovɔ+ si miesana ɖaa la ŋu. 29  “‘Le ŋkeke adea gbe la, miatsɔ nyitsu enyi, agbo eve kple alẽtsui wuiene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka eye wosɔ blibo+ la asa vɔe; 30  eye miatsɔ wo ŋuti nuɖuvɔ kple nunovɔ akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽtsuiawo ŋu ɖe woƒe xexlẽme nu le vɔsaɖoɖo la nu; 31  eyome woatsɔ gbɔ̃ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ akpe ɖe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple eŋuti nunovɔ+ si miesana ɖaa la ŋu. 32  “‘Le ŋkeke adrea gbe la, miatsɔ nyitsu adre, agbo eve kple alẽtsui wuiene siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka eye wosɔ blibo+ la asa vɔe; 33  eye miatsɔ wo ŋuti nuɖuvɔ kple nunovɔ akpe ɖe nyitsuawo, agboawo kple alẽtsuiawo ŋu ɖe woƒe xexlẽme nu le vɔsaɖoɖo la nu; 34  eyome woatsɔ gbɔ̃ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ akpe ɖe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple eŋuti nunovɔ+ si miesana ɖaa la ŋu. 35  “‘Le ŋkeke enyia gbe la, miawɔ takpekpe tɔxɛ. Migawɔ dɔ sesẽ aɖeke o.+ 36  Mitsɔ nyitsu ɖeka, agbo ɖeka kple alẽtsui adre siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka eye wosɔ blibo+ la, sa numevɔ be wòanye dzovɔsa si aʋẽ lilili* na Yehowa; 37  eye miatsɔ wo ŋuti nuɖuvɔ kple nunovɔ akpe ɖe nyitsu la, agbo la kple alẽtsuiawo ŋu ɖe woƒe xexlẽme nu le vɔsaɖoɖo la nu; 38  eye woatsɔ gbɔ̃ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ akpe ɖe numevɔ kple nuɖuvɔ kpakple eŋuti nunovɔ+ si miesana ɖaa la ŋu. 39  “‘Nu siawoe miatsɔ asa vɔe na Yehowa le miaƒe ŋkekenyuiwo+ dzi hekpe ɖe miaƒe adzɔgbeɖenunana+ kple lɔlɔ̃nu faa nunana+ siwo miatsɔ asa numevɔwo,+ nuɖuvɔwo,+ nunovɔwo+ kple ŋutifafavɔwo+ ŋu.’” 40  Eye Mose gblɔ se siwo katã Yehowa de nɛ la na Israel-viwo.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “faa dzi; naa dzidzeme.”
Alo, “faa dzi; naa dzidzeme.”
Alo, “miaƒe luʋɔ.” Zi geɖe la, be “woawɔ fu ame ɖokui” fia nutete ame ɖokui le mɔ vovovowo nu, nutsitsidɔ hã le eme.
Alo, “faa dzi; naa dzidzeme.”
Alo, “faa dzi; naa dzidzeme.”
Alo, “faa dzi; naa dzidzeme.”