4 Mose 30:1-16

  • Ŋutsuwo ƒe adzɔgbeɖeɖewo (1, 2)

  • Nyɔnuwo kple vinyɔnuwo ƒe adzɔgbeɖeɖewo (3-16)

30  Eye Mose gblɔ na Israel-toawo ƒe tatɔwo+ be: “Nya si Yehowa gblɔe nye esi: 2  Ne ŋutsu aɖe ɖe adzɔgbe+ na Yehowa alo ka atam+ be yeatsri nane na ye ɖokui* la, megada eƒe nya la dzi o.+ Newɔ atam sia atam si wòka la dzi.+ 3  “Eye ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa, alo ɖe adzɔgbe le fofoa ƒe me le eƒe ɖetugbuime be yeatsri nane, 4  eye fofoa se eƒe adzɔgbeɖeɖea alo nu si wòbe yeatsri na ye ɖokui,* gake fofoa zi kpi, megblɔ nya aɖeke o la, ekema newɔ eƒe adzɔgbeɖeɖeawo alo atam sia atam si wòka be yeatsri nane na ye ɖokui la dzi. 5  Ke ne fofoa se eƒe adzɔgbeɖeɖeawo alo atam si wòka be yeatsri nane na ye ɖokui eye wògbe nɛ la, ekema mawɔ edzi o. Yehowa atsɔe akee, elabena fofoa melɔ̃ ɖe edzi nɛ o.+ 6  “Ke ne ɖetugbui aɖe ɖe adzɔgbe alo tsɔ dzitsitsi ka atam tsɔ bla eɖokui hafi va ɖe srɔ̃, 7  eye srɔ̃a see gake wòzi kpi, megblɔ nya aɖeke le gbe si gbe wòsee o la, ekema newɔ eƒe adzɔgbeɖeɖeawo alo atam si wòka be yeatsri nane na ye ɖokui la dzi. 8  Ke ne srɔ̃a melɔ̃ ɖe edzi nɛ o le gbe si gbe wòsee la, ekema ŋutsua te fli ɖe adzɔgbe si wòɖe alo ŋugbe si wòdo dzitsitsitɔe tsɔ bla eɖokui+ la me, eye Yehowa atsɔe akee. 9  “Gake ne ahosi alo nyɔnu si srɔ̃a gbe ɖe adzɔgbe la, ekema newɔ nu sia nu si wòtsɔ ɖo eɖokui dzi la dzi. 10  “Ke ne nyɔnua le atsuƒe hafi ɖe adzɔgbe alo ka atam be yeatsri nane na ye ɖokui, 11  eye srɔ̃a see gake wòzi kpi alo megbee nɛ o la, ekema newɔ eƒe adzɔgbeɖeɖewo katã alo atam sia atam si wòka be yeatsri nane na ye ɖokui la dzi. 12  Ke ne srɔ̃a te fli ɖe adzɔgbe si nyɔnua ɖe, alo nu si wòka atam be yeatsri na ye ɖokui la me keŋkeŋ le gbe si gbe wòsee la, ekema mawɔ wo dzi o.+ Srɔ̃a gblẽ wo me, eye Yehowa atsɔe akee. 13  Adzɔgbe alo atam sia atam si wòaka be yeatsri nane alo be yeate nane ye ɖokui* la, srɔ̃a nalɔ̃ ɖe edzi loo alo wòate fli ɖe eme. 14  Ke ne srɔ̃a zi kpi, megblɔ nya aɖeke o eye ŋkekewo va yi la, ekema elɔ̃ ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖewo katã alo nu siwo katã wòka atam be yeatsri la dzi. Elɔ̃ ɖe wo dzi, elabena ezi kpi eye megbee nɛ le gbe si gbe wòsee o. 15  Ke ne esee gake wòlala ŋkeke geɖe va yi hafi va gblẽ wo me keŋkeŋ la, ekema nyɔnua ƒe fɔɖiɖi anɔ ŋutsua dzi.+ 16  “Esiawoe nye ɖoɖo siwo Yehowa tsɔ na Mose le ŋutsu kple srɔ̃a kpakple vifofo kple vianyɔnu si nye ɖetugbui le fofoa ƒe me la ƒe adzɔgbeɖeɖewo ŋuti.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “yeaɖo nane na yeƒe luʋɔ.”
Alo, “yeƒe luʋɔ.”
Alo, “be yeawɔ fu yeƒe luʋɔ.”