4 Mose 31:1-54

  • Hlɔ̃biabia Midiantɔwo (1-12)

    • Wowu Bileam (8)

  • Mɔfiame ku ɖe aboyonuwo ŋu (13-54)

31  Yehowa gblɔ na Mose be:  “Bia hlɔ̃+ Midiantɔwo+ na Israel-viwo. Emegbe woatsɔ wò akpe ɖe tɔgbuiwòwo ŋu.”*+  Eya ta Mose gblɔ na dukɔ la be: “Mina ŋutsuwo nabla aʋakpa aho ɖe Midian ŋu ne Yehowa ƒe hlɔ̃biabia nava Midian dzi.  Israel ƒe to ɖe sia ɖe naɖo ame akpe ɖeka ɖe aʋa la.”  Eya ta wotia ame akpe ɖeka le to sia to me le Israel ƒe ame akpeakpeawo+ dome; ale ame akpe wuieve bla aʋakpa.  Mose ɖo ame akpe ɖeka tso toawo dometɔ ɖe sia ɖe me ɖe aʋa la, ena nunɔla Eleazar vi Finehas+ yi kple aʋakɔ la, eye wòtsɔ nu kɔkɔeawo kple kpẽ+ siwo woaku atsɔ ana mɔfiame aʋakɔawo la de esi.  Woyi ɖawɔ aʋa kple Midian, abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene, eye wowu ŋutsuwo katã.  Wowu Midian fia atɔ̃ siwo nye Evi, Rekem, Zur, Hur kple Reba kpe ɖe ame bubuawo ŋu. Wowu Bileam, Beor vi+ hã kple yi.  Ke Israel-viwo ɖe aboyo Midian nyɔnuwo kple wo vi suewo ya. Woha woƒe aƒemelãwo, woƒe lãhawo kple woƒe nuwo katã hã. 10  Wotɔ dzo du siwo katã me wole kple woƒe asaɖawo* katã. 11  Eye wolɔ woƒe nuwo katã hekplɔ ame siwo woɖe aboyoe kple aƒemelãwo katã dzoe. 12  Wokplɔ aboyomeawo hetsɔ nu siwo woha kpakple aboyonuawo va Mose kple nunɔla Eleazar kpakple Israel ƒe ha la ŋkume le asaɖa la gbɔ, le Moab tagba+ le Yordan nu le Yeriko kasa. 13  Mose kple nunɔla Eleazar kpakple ha la ƒe tatɔwo katã do go yi ɖakpe wo le asaɖa la godo. 14  Ke Mose do dziku ɖe aʋakplɔla siwo nye tatɔwo le ame akpewo nu kple tatɔwo le ame alafawo nu, siwo trɔ gbɔ tso aʋa la ŋu. 15  Eye Mose gblɔ na wo be: “Ðe miexɔ nyɔnuwo katã ɖe agbea? 16  Kpɔ ɖa, woawoe wozã tsɔ ble Israel-viwo, be womewɔ nuteƒe na Yehowa o+ le Peor+ ƒe nudzɔdzɔ la me le Bileam ƒe aɖaŋuɖoɖo nu, eye esia kplɔ dɔvɔ̃ ƒu Yehowa ƒe ha la.+ 17  Eya ta miwu ŋutsuvi siwo katã le ɖeviawo dome, eye miwu nyɔnu siwo katã nya ŋutsu la hã. 18  Gake mixɔ nyɔnuvi siwo menya ŋutsu o+ la ɖe agbe. 19  Ke mitsi asaɖa la godo ŋkeke adre. Ame sia ame si wu ame* aɖe alo ame sia ame si ka asi ame si wowu ŋu+ la, nakɔ eɖokui ŋu+ le ŋkeke etɔ̃a gbe kple ŋkeke adrea gbe, mia kple miaƒe aboyomeawo siaa. 20  Eye mikɔ awu sia awu, nu sia nu si wotsɔ lãgbalẽ wɔ, nu sia nu si wotsɔ gbɔ̃fu wɔ, kple atinuwo katã ŋu na mia ɖokuiwo.” 21  Eye nunɔla Eleazar gblɔ na ame siwo de aʋa la be: “Esiae nye se si Yehowa de na Mose, 22  ‘Sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, gaɣi kple tsumi, 23  kple nu sia nu si ate ŋu ato dzo me la, mitsɔe haha dzoe, ne eŋu nakɔ. Ke woagatsɔ nuŋukɔtsi+ hã akɔ eŋu. Eye nu sia nu si mate ŋu ato dzo me o la, mitsɔ tsi klɔ wo ŋu. 24  Eye mianya miaƒe awuwo le ŋkeke adrea gbe ne mia ŋu nakɔ, emegbe la, miate ŋu ava asaɖa la me.’”+ 25  Yehowa gagblɔ na Mose be: 26  “Wò kple nunɔla Eleazar kpakple ha la ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔawo nu mixlẽ nu siwo woha, amegbetɔ kple aƒemelã siwo woɖe aboyoe la. 27  Eye nàma nu siwo woha la ɖe akpa eve na ame siwo wodɔ ɖe aʋa la kple ha la me tɔ susɔeawo katã.+ 28  Eye nàxɔ luʋɔ* ɖeka tso amegbetɔ, nyi, tedzi kple alẽ alafa atɔ̃ ɖe sia ɖe dome le ame siwo de aʋa la si be wòanye adzɔ na Yehowa. 29  Miaɖee le nuawo ƒe afã si woxɔ la me atsɔ ana nunɔla Eleazar be wòanye adzɔ na Yehowa.+ 30  Eye le nuawo ƒe afã si Israel-viwo xɔ gome la, nàxɔ amegbetɔ, nyi, tedzi, alẽ kple aƒemelã ɖe sia ɖe ƒomevi ɖeka le blaatɔ̃ ɖe sia ɖe dome atsɔ ana Lewi viwo,+ ame siwo wɔa Yehowa ƒe avɔgbadɔ la me dɔwo.”+ 31  Eye Mose kple nunɔla Eleazar wɔ abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene. 32  Aboyonu siwo katã aʋadelawo tsɔ gbɔe la ƒe susɔeawo le alẽ akpe alafa ade blaadre vɔ atɔ̃, 33  nyi akpe blaadre vɔ eve, 34  kple tedzi akpe blaade vɔ ɖekɛ. 35  Ke nyɔnuvi siwo menya ŋutsu o+ la katã le nyɔnu* akpe blaetɔ̃ vɔ eve. 36  Nuawo ƒe afã si ame siwo de aʋa xɔ la le alẽ akpe alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ adre alafa atɔ̃. 37  Eye adzɔ si woɖe na Yehowa la le alẽ alafa ade blaadre vɔ atɔ̃. 38  Nyiawo le akpe blaetɔ̃ vɔ ade, eye adzɔ si woɖe na Yehowa la le nyi blaadre vɔ eve. 39  Tedziawo le akpe blaetɔ̃ alafa atɔ̃, eye adzɔ si woɖe na Yehowa la le tedzi blaade vɔ ɖekɛ. 40  Amewo* le akpe wuiade, eye adzɔ si woɖe na Yehowa la le ame* blaetɔ̃ vɔ eve. 41  Eye Mose tsɔ adzɔ si wona Yehowa la de asi na nunɔla+ Eleazar, abe ale si tututu Yehowa de se nɛ ene. 42  Esi Mose ɖe aʋadelawo tɔ na wo vɔ la, nuawo ƒe afã si susɔ na Israel ƒe ha susɔea ye nye esi: 43  alẽawo ƒe afã susɔea le akpe alafa etɔ̃ blaetɔ̃ vɔ adre alafa atɔ̃, 44  nyiawo le akpe blaetɔ̃ vɔ ade, 45  tedziawo le akpe blaetɔ̃ alafa atɔ̃, 46  eye amewo* le akpe wuiade. 47  Azɔ le afã si nye Israel-viwo tɔ me la, Mose xɔ amegbetɔ kple aƒemelã ɖeka tso blaatɔ̃ ɖe sia ɖe dome tsɔ na Lewi viwo,+ ame siwo wɔa dɔ le Yehowa ƒe avɔgbadɔ+ la me, abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene. 48  Eye aʋakplɔla siwo woɖo ame akpewo nu,+ kple tatɔ siwo le ame akpewo kple ame alafawo nu la, va Mose gbɔ, 49  eye wogblɔ nɛ be: “Wò dɔlawo xlẽ aʋawɔla siwo le míaƒe dzikpɔkpɔ te la, eye ɖeka hɔ̃ hã mebu le wo dome o.+ 50  Eya ta na mía dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ nu si wòkpɔ la ƒe ɖe vɛ wòanye nunana na Yehowa, sikanuwo, afɔgɛwo, alɔnugɛwo, ŋkɔsigɛwo, togɛwo kple atsyɔ̃ɖonuwo, ne woalé avu ɖe mía* ta le Yehowa ŋkume.” 51  Eya ta Mose kple nunɔla Eleazar xɔ sika la kple atsyɔ̃ɖonuawo le wo si. 52  Sikanu siwo tatɔ siwo le ame akpewo kple ame alafawo nu dzɔ na Yehowa la katã va le sekel* akpe wuiade alafa adre blaatɔ̃. 53  Ame siwo de aʋa la dometɔ ɖe sia ɖe ha nuwo na eɖokui. 54  Ale Mose kple nunɔla Eleazar xɔ sika la le tatɔ siwo le ame akpewo nu kple esiwo le ame alafawo nu la si tsɔ va takpegbadɔ la me, be wòanye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo le Yehowa ŋkume.

Etenuŋɔŋlɔ

Esia nye nya si wozãna ne wole nu ƒom tso ku ŋu.
Alo, “asaɖa siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔwo.”
Alo, “luʋɔwo.”
Alo, “míaƒe luʋɔwo.”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.