4 Mose 32:1-42

  • Anyigba xɔxɔ ɖe Yordan ƒe ɣedzeƒe gome (1-42)

32  Ke lãha gbogbo aɖe va le Ruben+ viwo kple Gad+ viwo si, ɛ̃, wosɔ gbɔ ŋutɔ. Eye wolé ŋku ɖe Yazer-nyigba+ kple Gilead-nyigba ŋu, eye wokpɔ be nutoa nyo na lãnyinyi.  Eya ta Gad viwo kple Ruben viwo va gblɔ na Mose kple nunɔla Eleazar kpakple ha la ƒe tatɔwo be:  “Míekpɔ be Atarot, Dibon, Yazer, Nimra, Hesbon,+ Eleale, Sebam, Nebo+ kple Beon,+  anyigba siwo Yehowa xɔ le Israel ƒe ha+ la ŋgɔ la, nye anyigba si nyo na lãnyinyi, eye lãha+ gbogbo aɖewo le wò dɔlawo si.”  Woyi edzi gblɔ be: “Ne ève mía nu la, ekema na woatsɔ anyigba sia ana wò dɔlawo wòazu wo tɔ. Mègana míatso Yordan o.”  Eye Mose gblɔ na Gad viwo kple Ruben viwo be: “Ðe mia nɔviwo ayi aʋa, evɔ miawo ya miatsi afi sia?  Nu ka tae miele didim be miaɖe dzi le Israel-viwo ƒo be woagatso tɔ la ayi anyigba si Yehowa be yeatsɔ ana wo godoo la dzi o?  Aleae mia fofowo wɔ esime medɔ wo tso Kades-Barnea be woayi aɖakpɔ anyigba la ɖa.+  Esi woyi Eskol Balia+ me, eye wokpɔ anyigbaa la, wova ɖe dzi le Israel-viwo ƒo be woagayi anyigba si Yehowa be yeatsɔ ana wo la dzi o.+ 10  Yehowa ƒe dziku fla gbe ma gbe, eye wòka atam be:+ 11  ‘Ŋutsu siwo ʋu tso Egipte, siwo xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ la, makpɔ anyigba+ si meka atam be matsɔ ana Abraham, Isak kple Yakob+ la o, elabena womedze yonyeme kple dzi blibo o, 12  negbe Kaleb,+ si nye Kenizitɔ Yefune ƒe vi kple Yosua,+ Nun vi la ko, elabena woawo dze Yehowa yome kple dzi blibo.’+ 13  Ale Yehowa ƒe dziku fla ɖe Israel ŋu, eye wòna wotsa tsaglãla le gbea dzi ƒe blaene,+ va se ɖe esime dzidzime si nɔ nu vɔ̃ɖi wɔm le Yehowa ŋkume la katã nu yi.+ 14  Kpɔ ɖa, miexɔ ɖe mia fofowo teƒe abe nu vɔ̃ wɔlawo ƒe dzidzimeviwo ene be miana Yehowa nagado dɔmedzoe ɖe Israel ŋu ɖe edzi. 15  Ne mietrɔ le eyome la, eya hã agagblẽ ameha la ɖe gbea dzi, ekema miawoe he vɔ̃ va dukɔ blibo sia dzi.” 16  Emegbe wogava egbɔ gblɔ be: “Na míatɔ glikpɔwo na míaƒe lãhawo ɖe afi sia, eye míatso duwo na mía viwo. 17  Ke míawo ŋutɔwo ya míabla aʋakpa+ anɔ Israel-viwo ŋgɔ, va se ɖe esime míekplɔ wo va ɖo wo nɔƒe, ke mía viwo nanɔ du sesẽwo me ahanɔ dedie tso anyigba la dzi nɔlawo si me. 18  Míatrɔ ava míaƒe aƒewo me o, va se ɖe esime Israel-viwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ anyigba si nye eƒe domenyinu.+ 19  Míaxɔ domenyinu kpli wo le Yordan ƒe go kemɛ dzi o, elabena míaƒe domenyinu le Yordan ƒe akpa si, le ɣedzeƒe gome.”+ 20  Eye Mose gblɔ na wo be: “Ne miawɔ esia ko: Mibla akpa le Yehowa ŋkume na aʋa la;+ 21  eye ne mia dometɔ ɖe sia ɖe bla akpa eye wòtso Yordan le Yehowa ŋkume, esime wònya eƒe futɔwo ɖa le eŋgɔ,+ 22  va se ɖe esime miexɔ anyigba la le Yehowa ŋkume,+ eye emegbe mietrɔ gbɔ la,+ eya ko hafi miaɖi fɔ le Yehowa kple Israel ŋkume o. Ekema anyigba sia azu mia tɔ le Yehowa ŋkume.+ 23  Ke ne miewɔe alea o la, ekema miewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Eye minyae be miakpɔ miaƒe nu vɔ̃wo me tsonu. 24  Miate ŋu atso duwo na mia viwo, eye miatɔ kpɔ na miaƒe lãhawo,+ gake ele be miawɔ ŋugbe si miedo la dzi.” 25  Eye Gad viwo kple Ruben viwo gblɔ na Mose be: “Wò dɔlawo awɔ abe ale si tututu mía aƒetɔ de se ene. 26  Mía viwo, mía srɔ̃wo, míaƒe lãhawo kple míaƒe aƒemelãwo katã anɔ afi ma le Gilead duwo me,+ 27  ke wò dɔlaŋutsu siwo bla akpa la atso tɔa le Yehowa ŋkume+ awɔ aʋa la, abe ale si tututu mía aƒetɔ le egblɔm ene.” 28  Eya ta Mose gblɔ woƒe nyawo na nunɔla Eleazar kple Yosua, Nun vi, kpakple Israel-toawo ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu. 29  Mose gblɔ na wo be: “Ne Gad viwo kple Ruben viwo dometɔ ɖe sia ɖe bla aʋakpa hetso Yordan kpli mi le Yehowa ŋkume, eye miexɔ anyigba si le mia ŋgɔ la, ekema miatsɔ Gilead-nyigba ana wo wòazu wo tɔ.+ 30  Ke ne womebla aʋakpa tso tɔa kpli mi o la, ekema woaxɔ anyigba le mia dome le Kanaan-nyigba la dzi.” 31  Eye Gad viwo kple Ruben viwo ɖo eŋu be: “Nya si Yehowa gblɔ na wò dɔlawo la dzie míawɔ. 32  Míabla aʋakpa atso tɔa le Yehowa ŋkume ayi Kanaan-nyigba+ dzi, ke míaƒe domenyinu si míaxɔ la nanɔ Yordan ƒe go sia dzi.” 33  Ale Mose tsɔ Amori-fia Sihon+ ƒe fiaɖuƒe kple Basan-fia Og+ ƒe fiaɖuƒe, anyigba la kple edzi duwo kpakple du siwo le nuto mawo me na Gad viwo kple Ruben+ viwo kpakple Yosef vi Manase-toa+ ƒe afã la. 34  Eye Gad viwo tso du siwo nye Dibon,+ Atarot,+ Aroer,+  35  Atrot-Sofan, Yazer,+ Yogbeha,+ 36  Bet-Nimra+ kple Bet-Haran,+ siwo nye du siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo, eye wotɔ glikpɔwo na woƒe lãhawo. 37  Eye Ruben viwo tso du siwo nye Hesbon,+ Eleale,+ Kiriatayim,+ 38  Nebo+ kple Baal-Meon,+ eye wotrɔ du siawo ƒe ŋkɔwo hetsɔ ŋkɔ bubu na wo, eye wotso Sibma hã. 39  Manase vi Makir+ viwo ho yi Gilead hexɔe, eye wonya Amoritɔ siwo le eme. 40  Eya ta Mose tsɔ Gilead na Manase vi Makir wònɔ eme.+ 41  Eye Manase vi Yair yi ɖaxɔ woƒe kɔƒewo eye wòtsɔ ŋkɔ na wo be Havot-Yair.*+ 42  Eye Noba ho yi ɖaxɔ Kenat kple eŋu duwo, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ nɛ heyɔe be Noba.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmee nye, “Yair ƒe avɔgbadɔkɔƒewo.”