4 Mose 36:1-13

  • Srɔ̃ɖeɖe kple nyɔnu ƒe domenyinyi ŋuti se (1-13)

36  Eye Gilead, si nye Makir+ vi, Manase vi, tso Yosef ƒomea me la ƒe ƒometatɔwo va gblɔ le Mose kple Israel-viwo ƒe tatɔawo ŋkume  be: “Yehowa gblɔ na nye aƒetɔ be wòadzidze nu+ ɖe anyigba la dzi amae na Israel-viwo wòanye woƒe domenyinu; eye Yehowa gblɔ na nye aƒetɔ be wòatsɔ mía nɔviŋutsu Zelofehad ƒe domenyinu ana vianyɔnuwo.+  Ne ŋutsu siwo tso Israel ƒe to bubuawo me ɖe wo la, ekema nyɔnuawo ƒe domenyinu la ado le mía fofowo ƒe domenyinu la me ava kpe ɖe to si me woɖe srɔ̃ le la ƒe domenyinu ŋu, ale be woaɖee le domenyinu si wodzidze nu tsɔ na mí la me.  Eye ne Ablɔɖeƒe+ la ɖo na Israel-viwo la, ekema woatsɔ nyɔnuawo ƒe domenyinu akpe ɖe to si me woɖe srɔ̃ le la ƒe domenyinu ŋu, ale be woƒe domenyinu la ado le mía fofowo ƒe to la ƒe domenyinu me.”  Eye Mose gblɔ se si Yehowa de la na Israel-viwo be: “Yosef viwo ƒe to la ƒe nya la le eme.  Esiae nye nya si Yehowa gblɔ le Zelofehad vinyɔnuwo ŋu, ‘Woate ŋu aɖe ame si nyo wo ŋu la faa. Gake wo fofowo ƒe to la ƒe ƒomea me koe woaɖe srɔ̃ le.  Israel-viwo ƒe domenyinu aɖeke nagatso to ɖeka si me ayi to bubu si me o, elabena ele be Israel-viwo dometɔ ɖe sia ɖe nalé tɔgbuiawo ƒe to la ƒe domenyinu ɖe te.  Vinyɔnu ɖe sia ɖe si xɔ domenyinu le Israel ƒe toawo dome la naɖe srɔ̃ tso fofoa ƒe to la me,+ ale be Israel-viwo tɔgbuiwo ƒe domenyinu nagado le wo si me o.  Domenyinu aɖeke nagatso to ɖeka si me ayi to bubu si me o, elabena ele be Israel ƒe toawo dometɔ ɖe sia ɖe nalé eya ŋutɔ ƒe domenyinu ɖe te.’” 10  Zelofehad vinyɔnuwo wɔ abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene.+ 11  Eya ta Mahla, Tirza, Hogla, Milka kple Noa, siwo nye Zelofehad+ vinyɔnuwo, ɖe wo fofo nɔviŋutsuwo ƒe viwo. 12  Woɖe srɔ̃ le Yosef vi Manase ƒe ƒomeawo me, ne woƒe domenyinu la nakpɔtɔ anɔ wo fofo ƒe ƒomea ƒe to la si me. 13  Esiawoe nye se kple ɖoɖo siwo Yehowa tsɔ na Israel-viwo to Mose dzi le Moab tagba, le Yordan nu, le Yeriko gbɔ.+

Etenuŋɔŋlɔ