4 Mose 4:1-49

  • Kohat viwo ƒe dɔ (1-20)

  • Gerson viwo ƒe dɔ (21-28)

  • Merari viwo ƒe dɔ (29-33)

  • Amewo xexlẽ ŋu nyawo ta ƒoƒo (34-49)

4  Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be: 2  “Mixlẽ Lewi vi siwo nye Kohat viwo+ le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu. 3  Mixlẽ wo dometɔ siwo katã xɔ tso ƒe blaetɔ̃+ va ɖo ƒe blaatɔ̃,+ siwo le ƒuƒoƒo si asubɔ le takpegbadɔa me la me.+ 4  “Esiae nye dɔ si Kohat viwo awɔ le takpegbadɔa me.+ Nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe ŋuti dɔe wònye: 5  Ne asaɖa la le hoho ge la, ekema Aron kple viaŋutsuwo nava ɖe xɔmetsovɔ+ la atsɔ atsyɔ Ðaseɖiɖiɖaka+ la dzi. 6  Woatsɔ nyogbalẽ atsyɔ edzi, akeke avɔ blɔtɔ ɖe edzi, eye woade eƒe kpoawo+ eŋu. 7  “Woakeke avɔ blɔtɔ ɖe ŋkumeɖobolokplɔ̃+ la hã dzi, eye woatsɔ agba gbadzɛawo, kpluawo, agba goboeawo kple ze+ siwo wotsɔ ƒoa nunovɔsawo ɖi la ada ɖe edzi; eye abolo si nɔa edzi ɖaa+ la nanɔ edzi nenema. 8  Eyome woakeke avɔ dzĩ ɖe wo dzi, atsɔ nyogbalẽ atsyɔ edzi, eye woade eƒe kpoawo+ eŋu. 9  Woatsɔ avɔ blɔtɔ atsyɔ akaɖiti+ la kple eŋu akaɖigbɛawo,+ ɖovulãnuawo,* dzofilɔnuawo+ kple amigoe siwo wozãna na eŋudɔwɔwɔ la dzi. 10  Woabla akaɖitia kple eŋu nuwo katã ɖe avɔ si wotsɔ nyogbalẽ wɔ la me, eye woatsɔe aɖo agbati dzi. 11  Woakeke avɔ blɔtɔ ɖe sikavɔsamlekpui+ la dzi, atsɔ nyogbalẽ atsyɔ edzi, eye woade eƒe kpoawo+ eŋu. 12  Eyome woabla dɔwɔnu+ siwo katã wotsɔna wɔa subɔsubɔdɔ edziedzi le kɔkɔeƒea la ɖe avɔ blɔtɔ me, atsɔ nyogbalẽ atsyɔ edzi, eye woatsɔ wo aɖo agbati dzi. 13  “Woalɔ dzofi* siwo le vɔsamlekpuia+ me, eye woakeke lãfuvɔ si wode ama aɖabɛ dzĩtɔe la ɖe vɔsamlekpuia dzi. 14  Eye woatsɔ dɔwɔnu siwo katã wotsɔna wɔa subɔsubɔdɔ le vɔsamlekpuia ŋu, dzoɖenuawo, gafloawo, sofiawo, agba goboeawo kple eŋu nuawo+ katã ada ɖe edzi, eye woatsɔ nyogbalẽ atsyɔ edzi, eye woade eƒe kpoawo+ eŋu. 15  “Ne asaɖa la le hoho ge la, Aron kple viaŋutsuwo natsyɔ nu kɔkɔeƒe+ la kple kɔkɔeƒe la ŋu nuwo katã dzi vɔ hafi Kohat viwo nava tsɔ wo,+ ale be woagaka asi kɔkɔeƒe la ƒe nuwo ŋu ne woaku o.+ Esiawoe nye takpegbadɔ la me nu siwo ŋuti dɔ wode Kohat viwo si. 16  “Nunɔla Aron viŋutsu Eleazar+ ƒe dɔe nye be wòakpɔ akaɖi la ƒe ami,+ atike ʋeʋĩ,+ gbe sia gbe nuɖuvɔsa kple ami kɔkɔe+ la dzi. Akpɔ avɔgbadɔ blibo la kple emenuwo katã kpakple kɔkɔeƒe la kple eŋu nuwo dzi.” 17  Yehowa gagblɔ na Mose kple Aron be: 18  “Migana Kohat viwo ƒe ƒomeawo+ natsrɔ̃ ɖa le Lewi viwo dome o. 19  Ke boŋ miwɔ nu sia na wo, ne woanɔ agbe, ale be ne wote ɖe nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔewo ŋu la, woagaku o.+ Aron kple viaŋutsuwo nayi ɖe eme ava de dɔ si wo dometɔ ɖe sia ɖe awɔ kple agba si wòatsɔ la asi nɛ. 20  Ke woagava eme ahayi nu kɔkɔeawo kpɔ ge flui gɔ̃ hã o, be woagaku o.”+ 21  Eye Yehowa gblɔ na Mose be: 22  “Xlẽ Gerson viwo+ le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu. 23  Nàŋlɔ wo dometɔ siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ va ɖo ƒe blaatɔ̃, siwo katã le ƒuƒoƒo si asubɔ le takpegbadɔa me la ƒe ŋkɔwo. 24  Dɔ si wode asi na Gerson viwo ƒe ƒomeawo kple agba siwo woatsɔ lae nye esi:+ 25  Woatsɔ avɔgbadɔ la ƒe agbadɔvɔawo,+ takpegbadɔvɔ la, eŋuvɔwo, nyogbalẽ si wotsɔna tsyɔa etame,+ takpegbadɔa ƒe mɔnuvɔ la,+ 26  avɔ siwo wotsɔ tɔ kpɔ ɖe xɔxɔnu+ la, kpɔtɔtɔ si ƒo xlã avɔgbadɔ la kple vɔsamlekpui la ƒe kpɔnuvɔ,+ wo ŋu kawo kple wo ŋu dɔwɔnu siwo katã wozãna edziedzi la. Dɔ siae woawɔ. 27  Aron kple viaŋutsuwo nakpɔ Gerson viwo+ ƒe subɔsubɔdɔ kple agba siwo katã woatsɔ la dzi; woawoe ade agba siwo katã wòle be woatsɔ la asi na wo. 28  Esiawoe nye dɔ si Gerson viwo ƒe ƒomeawo awɔ le takpegbadɔa+ ŋu, eye nunɔla Aron vi Itamar+ ye akpɔ dɔ si wode wo si la dzi. 29  “Ke nàŋlɔ Merari viwo+ ŋkɔ le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu. 30  Nàŋlɔ ame siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ va ɖo ƒe blaatɔ̃, siwo katã le ƒuƒoƒo si asubɔ le takpegbadɔa me la ƒe ŋkɔwo. 31  Dɔ si woade asi na wo be woawɔ+ le takpegbadɔa ŋue nye be, woatsɔ avɔgbadɔ la ƒe ʋuƒowo,+ eƒe xɔblatiwo,+ eƒe sɔtiwo,+ eƒe anyinɔwo,+ 32  kpɔtɔtɔ si le xɔxɔnua ƒe sɔtiwo,+ woƒe anyinɔwo,+ woƒe tsyotiwo,+ wo ŋu kawo kple wo ŋu dɔwɔnuwo katã. Eye miade agba siwo woatsɔ la asi na wo le woƒe ŋkɔwo nu. 33  Esiae nye subɔsubɔdɔ siwo Merari viwo+ ƒe ƒomeawo awɔ le takpegbadɔa ŋu, eye nunɔla Aron viŋutsu Itamar ye akpɔ dɔ siawo dzi.”+ 34  Mose kple Aron kpakple ha la ƒe tatɔwo+ ŋlɔ Kohat viwo+ ƒe ŋutsuwo ŋkɔ le woƒe ƒomeawo kple wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu, 35  woŋlɔ ame siwo katã xɔ ƒe blaetɔ̃ va ɖo ƒe blaatɔ̃, siwo katã le ƒuƒoƒo si asubɔ le takpegbadɔa me la ƒe ŋkɔwo.+ 36  Wo dometɔ siwo ŋkɔ woŋlɔ le woƒe ƒomeawo nu la le ame akpe eve alafa adre blaatɔ̃.+ 37  Ame siawoe nye Kohat viwo ƒe ƒomeawo me tɔ siwo subɔna le takpegbadɔa me, siwo ƒe ŋkɔ Mose kple Aron ŋlɔ abe ale si Yehowa de se na Mose ene.+ 38  Woŋlɔ Gerson viwo+ ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu, 39  eye wo dometɔ siwo katã xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va ɖo ƒe blaatɔ̃ la le ƒuƒoƒo si asubɔ le takpegbadɔa me la dome. 40  Wo dometɔ siwo ŋkɔ woŋlɔ le woƒe ƒomeawo kple wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu la le ame akpe eve alafa ade blaetɔ̃.+ 41  Ame siawoe nye Gerson viwo ƒe ƒomeawo me tɔ siwo subɔna le takpegbadɔa me, siwo ƒe ŋkɔ Mose kple Aron ŋlɔ abe ale si Yehowa de see ene.+ 42  Woŋlɔ Merari viwo ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu, 43  eye wo dometɔ siwo katã xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va ɖo ƒe blaatɔ̃ la le ƒuƒoƒo si asubɔ le takpegbadɔa me la dome.+ 44  Wo dometɔ siwo ŋkɔ woŋlɔ le woƒe ƒomeawo nu la le ame akpe etɔ̃ alafa eve.+ 45  Ame siawoe nye Merari viwo ƒe ƒomeawo me tɔ siwo ŋkɔ Mose kple Aron ŋlɔ, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.+ 46  Mose kple Aron kpakple Israel-viwo ƒe tatɔwoe ŋlɔ Lewi vi siawo katã ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo kple wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu; 47  wonye ame siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va ɖo ƒe blaatɔ̃, eye wode dɔ asi na wo be woasubɔ ahatsɔ agbawo le takpegbadɔa me.+ 48  Wo dometɔ siwo katã ŋkɔ woŋlɔ la le ame akpe enyi alafa atɔ̃ blaenyi.+ 49  Woŋlɔ wo ŋkɔ hede dɔ si wo dometɔ ɖe sia ɖe awɔ kple agba si wòatsɔ la asi na wo abe ale si Yehowa gblɔe na Mose ene; wowɔe abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “abè.”
Efia, dzofi siwo ƒo vɔsalãwo ƒe ami.