4 Mose 5:1-31

  • Ame siwo ŋu mekɔ o ɖeɖe ɖe aga (1-4)

  • Nu vɔ̃ me ʋuʋu kple nuwo teƒeɖoɖo (5-10)

  • Ale si woado ame si wobu be ewɔ ahasi la kpɔ (11-31)

5  Yehowa gagblɔ na Mose be:  “De se na Israel-viwo be woaɖe anyidɔlélawo*+ katã kple ame sia ame si ŋu tsi le dodom le+ kpakple ame sia ame si ka asi ame* kuku aɖe ŋu heƒo ɖi eɖokui+ la ɖa le asaɖa la me.  Eɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, miɖe wo ɖa. Mina woayi asaɖa la godo, be woagaƒo ɖi+ dukɔ si dome mele la ƒe asaɖawo o.”+  Eya ta Israel-viwo wɔe nenema, eye woɖe wo ɖo ɖe asaɖa la godo. Ale si tututu Yehowa gblɔ na Mose la, nenemae Israel-viwo wɔe.  Yehowa gagblɔ na Mose be:  “Gblɔ na Israel-viwo be, ‘Ne ŋutsu alo nyɔnu aɖe mewɔ nuteƒe na Yehowa o, eye wòwɔ nu vɔ̃ siwo amegbetɔwo wɔna la dometɔ aɖe la, ekema ame* ma ɖi fɔ.+  Neʋu*+ nu vɔ̃ si wòwɔ* la me, eye wòaxe fe dedie ɖe nu si ƒe fɔ wòɖi la ta, eye wòagatsɔ fe si wodo nɛ la me mama ɖe atɔ̃ ƒe akpa ɖeka akpee+ na ame si dzi wòdze agɔ le.  Ke ne ƒometɔ kplikplikpli aɖeke meli si wòaɖo nu si ƒe fɔ wòɖi la teƒe na o la, ekema woatsɔ fe si wòxe la ana Yehowa eye wòazu nunɔla la tɔ; gake woatsɔ agbo la ya alé avu ɖe fɔɖila la ta.+  “‘Israel-viwo ƒe nu kɔkɔe+ siwo katã woadzɔ atsɔ ana nunɔla la nazu etɔ.+ 10  Nu kɔkɔe siwo ame sia ame adzɔ la nazu etɔ. Nu sia nu si ame aɖe na nunɔla la azu etɔ.’” 11  Yehowa gagblɔ na Mose be: 12  “Gblɔ na Israel-viwo be, ‘Ne ŋutsu aɖe srɔ̃ da afɔ, si fia be mewɔ nuteƒe nɛ o, 13  eye ŋutsu bubu dɔ kplii,+ srɔ̃a menya o, ame aɖeke hã menya o, ale be nyɔnu la gblẽ kɔ ɖo na eɖokui, evɔ ɖasefo aɖeke mele eŋu o, eye womelée asiasi hã o: 14  eye wòva eme be ŋuʋaʋã ɖo ŋutsua me eye megaka ɖe srɔ̃a ƒe nuteƒewɔwɔ dzi o, eye nyɔnua gblẽ kɔ ɖo na eɖokui hã vavã, alo ŋuʋaʋãe ɖo ŋutsua me eye megaka ɖe srɔ̃a ƒe nuteƒewɔwɔ dzi o, evɔ nyɔnua megblẽ kɔ ɖo na eɖokui hafi o la, 15  ekema ŋutsua nakplɔ srɔ̃a ava nunɔla la gbɔ, eye wòatsɔ nyɔnua ƒe nunana si nye ƒowɔ efa me mama ɖe ewo ƒe akpa ɖeka* akpe ɖe eŋu. Makɔ ami ɖe edzi o, eye matsɔ lifi hã ada ɖe edzi o, elabena ŋuʋaʋã ƒe nuɖuvɔsa wònye, nuɖuvɔsa si nana woɖoa ŋku vodada dzie wònye. 16  “‘Nunɔla la nana nyɔnua nava tɔ ɖe Yehowa ŋkume.+ 17  Eye nunɔla la naku tsi kɔkɔe ɖe anyinu me eye wòalɔ ke le anyigba le avɔgbadɔa me akɔ ɖe tsia me. 18  Nunɔla la nana nyɔnua natɔ ɖe Yehowa ŋkume, eye wòatu ɖa le ta na nyɔnua ahatsɔ ŋkuɖodzinuɖuvɔsa si nye ŋuʋaʋã ƒe nuɖuvɔsa+ la ade nyɔnua si, eye nunɔlaa ŋutɔ nalé tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la ɖe asi.+ 19  “‘Nunɔla la nana nyɔnua naka atam, eye wòagblɔ na nyɔnua be: “Ne ŋutsu bubu aɖeke medɔ gbɔwò o, eye mèda afɔ hewɔ nu makɔmakɔ aɖeke esime nèkpɔtɔ le atsuƒe+ o la, ekema tsi veve sia si hea fiƒode vaa ame dzi la nagawɔ nu vevi aɖeke wò o. 20  Ke ne èda afɔ esime nèkpɔtɔ le atsuƒe, eye nègblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò, ale be ŋutsu bubu dɔ gbɔwò+ le srɔ̃wo megbe la . . .” 21  Azɔ nunɔla la nana nyɔnua naka atam agblɔ fiƒodenyawo, eye nunɔla la nagblɔ na nyɔnua be: “Yehowa nena fiƒode la naɖi ŋuwò nàzu fiƒodeme le wò dukɔ la dome, eye Yehowa nena wò ali* naklẽ,* eye ƒodo nadzi ɖe nuwò. 22  Tsi sia si hea fiƒode vaa ame dzi la naɖo wò dɔkaviwo me, ne wòana ƒodo nadzi ɖe nuwò, eye wò ali* naklẽ.”* Eye nyɔnu la nagblɔ be: “Amen! Amen!”* 23  “‘Eye nunɔla la naŋlɔ fiƒodenya siawo ɖe agbalẽ la me, eye wòakpalae akɔ ɖe tsi veve la me. 24  Eye wòana nyɔnua nano tsi veve si hea fiƒode vaa ame dzi la, eye tsi si hea fiƒode vaa ame dzi la naɖo eƒe lãme wòahe vevesese ava edzi. 25  Eyome nunɔla la naxɔ ŋuʋaʋã ƒe nuɖuvɔsa+ la le nyɔnua si, eye wòanyè nuɖuvɔsa la le Yehowa ŋkume ahatsɔe ayi vɔsamlekpuia gbɔ. 26  Eye nunɔla la naku nuɖuvɔsa la ƒe ɖe wòanye ŋkuɖodzinu atsɔ ado dzudzɔ le vɔsamlekpuia+ dzi, emegbe wòana nyɔnua nano tsi la. 27  Ne ena wòno tsia, eye wònye nyateƒe be egblẽ kɔ ɖo na eɖokui eye mewɔ nuteƒe na srɔ̃a o la, ekema tsi si hea fiƒode vaa ame dzi la aɖo eƒe lãme wòahe vevesese ava edzi, ƒodo adzi ɖe enu, eƒe ali* aklẽ,* eye fiƒode anɔ nyɔnu la dzi le eƒe dukɔ la dome. 28  Gake ne nyɔnua megblẽ kɔ ɖo na eɖokui o, ke boŋ eŋu kɔ la, ekema naneke mawɔe o, eye agate ŋu afɔ fu adzi vi. 29  “‘Esiae nye ŋuʋaʋã+ ŋuti se, ne nyɔnu aɖe da afɔ eye wògblẽ kɔ ɖo na eɖokui esime wòle atsuƒe, 30  alo ne ŋuʋaʋã ye ɖo ŋutsu aɖe me, eye megaka ɖe srɔ̃a ƒe nuteƒewɔwɔ dzi o la, ekema nena nyɔnua natɔ ɖe Yehowa ŋkume, eye nunɔla la nawɔ na nyɔnua alea ɖe se siawo katã nu. 31  Fɔɖiɖi manɔ ŋutsua dzi o, ke boŋ srɔ̃nyɔnu la ŋutɔ dzie fɔɖiɖia anɔ.’”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “luʋɔ.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “kpodɔlélawo.”
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Woaʋu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wowɔ.”
Efa me mama ɖe ewo ƒe akpa ɖeka le lita 2.2. Kpɔ Megbenyawo B14.
Edze ƒãa be vidzinuwoe wowɔnɛ.
Alo, “namia sũu.” Esia ate ŋu afia kotsitsi.
Edze ƒãa be vidzinuwoe wowɔnɛ.
Alo, “namia sũu.” Esia ate ŋu afia kotsitsi.
Alo, “Neva eme!”
Edze ƒãa be vidzinuwoe wowɔnɛ.
Alo, “namia sũu.” Esia ate ŋu afia kotsitsi.