4 Mose 7:1-89

  • Avɔgbadɔa ŋu kɔkɔ ƒe vɔsawo (1-89)

7  Gbe si gbe Mose wu avɔgbadɔa+ tutu nu la, esi ami nɛ,+ eye wòkɔ avɔgbadɔa kple emenuwo katã kpakple vɔsamlekpuia kple eŋu nuwo katã ŋu.+ Esi wòsi ami na nu siawo hekɔ wo ŋu vɔ la,+  Israel-viwo ƒe tatɔ+ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu tsɔ nunanawo vɛ. Woawoe nye toawo ƒe tatɔ siwo le ame siwo ŋkɔ woŋlɔ la nu,  eye nunana siwo wotsɔ va Yehowa ŋkumee nye tasiaɖam ade siwo tame wogba, kple nyitsu wuieve; tasiaɖam ɖeka ɖe tatɔ eve nu, kple nyitsu ɖeka ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu; eye wotsɔ wo va avɔgbadɔ la ŋgɔ.  Yehowa gblɔ na Mose be:  “Xɔ wo le wo si ne woazã na takpegbadɔa ŋuti dɔwo wɔwɔ, eye nàma wo na Lewi viwo ɖe ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe dɔwo le la nu.”  Ale Mose xɔ tasiaɖam kple nyiawo, eye wòtsɔ wo na Lewi viwo.  Etsɔ tasiaɖam eve kple nyitsu ene na Gerson viwo ɖe ale si woƒe dɔwo le la nu;+  eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari vi siwo le nunɔla Aron viŋutsu Itamar ƒe dzikpɔkpɔ te ɖe ale si woƒe dɔwo le la nu.+  Ke metsɔ ɖeke na Kohat viwo ya o, elabena kɔkɔeƒe+ la ŋuti subɔsubɔdɔ siwo wowɔna la bia be woatsɔ nu kɔkɔeawo ɖe abɔta.+ 10  Ke tatɔawo tsɔ woƒe nunanawo vɛ le gbe si gbe wokɔ+ vɔsamlekpuia ŋu hesi ami nɛ. Esi tatɔawo tsɔ woƒe nunana la va vɔsamlekpuia ŋgɔ la, 11  Yehowa gblɔ na Mose be: “Na tatɔawo natsɔ woƒe nunana si woatsɔ akɔ vɔsamlekpuia ŋu la vɛ ɖekaɖeka, ŋkeke sia ŋkeke tatɔ ɖeka natsɔ etɔ vɛ.” 12  Ame si tsɔ eƒe nunana vɛ le ŋkeke gbãtɔ dzie nye Aminadab vi Nahason+ tso Yuda-to la me. 13  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel* alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel* nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 14  sikakplu* ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 15  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 16  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 17  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Aminadab vi Nahason ƒe nunana.+ 18  Le ŋkeke evea gbe la, Zuar vi Netanel,+ si nye Isakar viwo ƒe tatɔ, tsɔ eƒe nunana vɛ. 19  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 20  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 21  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 22  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 23  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Zuar vi Netanel ƒe nunana. 24  Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Zebulon viwo ƒe tatɔ Eliab,+ si nye Helon vi, tsɔ etɔ vɛ. 25  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 26  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 27  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 28  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 29  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Helon vi Eliab+ ƒe nunana. 30  Le ŋkeke enea gbe la, Ruben viwo ƒe tatɔ Elizur,+ si nye Sedeur vi, tsɔ etɔ vɛ. 31  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 32  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 33  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 34  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 35  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Sedeur vi Elizur+ ƒe nunana. 36  Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Simeon viwo ƒe tatɔ Selumiel,+ si nye Zurisadai vi, tsɔ etɔ vɛ. 37  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 38  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 39  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 40  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 41  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Zurisadai vi Selumiel+ ƒe nunana. 42  Le ŋkeke adea gbe la, Gad viwo ƒe tatɔ Eliyasaf,+ si nye Deuel vi, tsɔ etɔ vɛ. 43  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 44  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 45  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 46  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 47  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Deuel vi Eliyasaf+ ƒe nunana. 48  Le ŋkeke adrea gbe la, Efrayim viwo ƒe tatɔ Elisama,+ si nye Amihud vi, tsɔ etɔ vɛ. 49  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 50  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 51  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 52  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 53  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Amihud vi Elisama+ ƒe nunana. 54  Le ŋkeke enyia gbe la, Manase viwo ƒe tatɔ Gamaliel,+ si nye Pedahzur vi, tsɔ etɔ vɛ. 55  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 56  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 57  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka be woatsɔ asa numevɔ;+ 58  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 59  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Pedahzur vi Gamaliel+ ƒe nunana. 60  Le ŋkeke asiekea gbe la, Benyamin viwo ƒe tatɔ+ Abidan,+ si nye Gideoni vi, tsɔ etɔ vɛ. 61  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 62  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 63  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 64  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 65  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Gideoni vi Abidan+ ƒe nunana. 66  Le ŋkeke ewoa gbe la, Dan viwo ƒe tatɔ Ahiezer,+ si nye Amisadai vi, tsɔ etɔ vɛ. 67  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 68  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 69  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 70  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 71  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Amisadai vi Ahiezer+ ƒe nunana. 72  Le ŋkeke wuiɖekɛa gbe la, Aser viwo ƒe tatɔ Pagiel,+ si nye Okran vi, tsɔ etɔ vɛ. 73  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 74  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 75  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 76  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 77  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Okran vi Pagiel+ ƒe nunana. 78  Le ŋkeke wuievea gbe la, Naftali viwo ƒe tatɔ Ahira,+ si nye Enan vi, tsɔ etɔ vɛ. 79  Nu si wònae nye klosalogba ɖeka, si da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, klosalogba goboe ɖeka, si da sekel blaadre ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu,+ eye wo kple evea yɔ banaa kple wɔ memee si wotsɔ ami dzabae be woatsɔ asa nuɖuvɔ;+ 80  sikakplu ɖeka, si da sekel ewo, eye dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔe banaa; 81  nyitsui ɖeka, agbo ɖeka, kple alẽtsui ɖeka si xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa numevɔ;+ 82  gbɔ̃tsui ɖeka be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ;+ 83  kple nyi eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃, kpakple alẽtsui atɔ̃ siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka, be woatsɔ asa ŋutifafavɔ.+ Esiae nye Enan vi Ahira+ ƒe nunana. 84  Esiawoe nye nunana siwo Israel-viwo ƒe tatɔwo tsɔ vɛ be woatsɔ akɔ vɔsamlekpuia ŋu+ le gbe si gbe wosi ami nɛ: klosalogba wuieve, klosalogba goboe wuieve, sikakplu wuieve;+ 85  klosalogba ɖe sia ɖe da sekel alafa ɖeka blaetɔ̃, eye agba goboe ɖe sia ɖe da sekel blaadre; agbaawo katã da klosalo sekel akpe eve alafa ene ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu;+ 86  sikakplu wuieve siwo dzudzɔdonu ʋeʋĩ yɔ banaa la dometɔ ɖe sia ɖe da sekel ewo ne wobui ɖe teƒe kɔkɔe la ƒe sekel nu; kpluawo ƒe sika la katã le sekel alafa ɖeka blaeve. 87  Lã siwo katã wona be woatsɔ asa numevɔ la le nyitsu wuieve, agbo wuieve, alẽtsui wuieve siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka hekpe ɖe wo ŋuti nuɖuvɔsawo ŋu, kple gbɔ̃tsui wuieve be woatsɔ asa nuvɔ̃vɔ. 88  Lã siwo katã wona be woatsɔ asa ŋutifafavɔ la le nyitsu blaeve vɔ ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade, alẽtsui blaade siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖeka. Esiae nye nu siwo wona be woatsɔ akɔ vɔsamlekpuia ŋu+ esi wosi ami nɛ vɔ.+ 89  Ɣesiaɣi si Mose ge ɖe takpegbadɔa me be yeaƒo nu kple Mawu*+ la, esea ame si le nu ƒom kplii la ƒe gbe le Ðaseɖiɖiɖaka la ƒe nutunu+ la tame; kerubi+ eveawo domee Mawu ƒoa nu kplii le.

Etenuŋɔŋlɔ

Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “sekel kɔkɔe.”
Alo, “agba sue.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “yeaƒo nu kplii.”