4 Mose 8:1-26

  • Aron nasi akaɖigbɛ adreawo (1-4)

  • Wokɔ Lewi viwo ŋu, wodze subɔsubɔdɔ gɔme (5-22)

  • Ƒe si Lewi viwo axɔ hafi asubɔ kple ƒe si woaxɔ dzudzɔ (23-26)

8  Yehowa gblɔ na Mose be:  “Gblɔ na Aron be, ‘Ne èsi akaɖigbɛawo la, ɖo akaɖigbɛ adreawo nyuie ne woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖitia ŋgɔ.’”+  Eye Aron wɔe nenema: Esi akaɖigbɛ siwo le akaɖitia+ dzi la be woaklẽ ɖe teƒe si le akaɖitia ŋgɔ, abe ale si tututu Yehowa de se na Mose ene.  Ale si wowɔ akaɖiti lae nye esi: Sikae wotsɔ tui. Ðe wotu ati la kple eŋu seƒoƒoawo wonye nu blibo ɖeka.+ Ale si Yehowa ɖee fia Mose le ŋutega+ me la, nenemae wowɔ akaɖiti lae.  Yehowa gagblɔ na Mose be:  “Ðe Lewi viwo le Israel-viwo dome, eye nàkɔ wo ŋu.+  Ale si nàkɔ wo ŋue nye esi: Wu tsi si klɔa nu vɔ̃ ɖa la ɖe wo ŋu, eye woatsɔ talũhɛ alũ wo ŋutifuwo katã, woanya woƒe awuwo, eye woakɔ wo ɖokuiwo ŋu.+  Woatsɔ nyitsui+ ɖeka kple eŋuti nuɖuvɔsa+ si nye wɔ memee si wotsɔ ami dzabae la vɛ, eye nàgaxɔ nyitsui bubu si woatsɔ asa nuvɔ̃vɔe.+  Eye nàna Lewi viwo nava takpegbadɔa ŋgɔ, eye nàƒo Israel ƒe ha blibo la katã nu ƒu.+ 10  Na Lewi viwo nava Yehowa ŋkume, eye Israel-viwo nada asi ɖe Lewi viwo dzi.+ 11  Eye Aron natsɔ Lewi viwo ana* Yehowa abe Israel-viwo ƒe vɔsa si wonyè+ ene, eye woasubɔ ahawɔ Yehowa ƒe dɔ la.+ 12  “Azɔ Lewi viwo natsɔ woƒe asi aɖo nyitsuawo ƒe tame.+ Emegbe nàtsɔ nyitsuawo dometɔ ɖeka asa nuvɔ̃vɔ, eye nàtsɔ evelia asa numevɔ na Yehowa be woalé avu+ ɖe Lewi viwo ta. 13  Eyome nàna Lewi viwo natɔ ɖe Aron kple viaŋutsuwo ŋkume, eye nàtsɔ wo ana* abe vɔsa si wonyè na Yehowa ene. 14  Ðe Lewi viwo ɖe vovo tso Israel-viwo dome, ne Lewi viwo nazu tɔnye.+ 15  Emegbe Lewi viwo nava subɔ le takpegbadɔa me. Ale nàkɔ wo ŋu, eye nàtsɔ wo ana* abe vɔsa si wonyè ene. 16  Elabena ɖe woɖe wo tso Israel-viwo dome tsɔ nam. Maxɔ wo na ɖokuinye ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo* teƒe.+ 17  Elabena Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã la, tɔnye wonye, amegbetɔwo kple lãwo siaa.+ Gbe si gbe mewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi+ la, gbe ma gbee mekɔ wo ŋu na ɖokuinye. 18  Maxɔ Lewi viwo ɖe Israel-viwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã teƒe. 19  Maɖe Lewi viwo tso Israel-viwo dome atsɔ wo ana Aron kple viaŋutsuwo be woawɔ subɔsubɔdɔ ɖe Israel-viwo nu le takpegbadɔa+ me, eye woalé avu ɖe Israel-viwo ta, ale be Israel-viwo nagate ɖe kɔkɔeƒe la ŋu ne dɔvɔ̃ aɖeke naɖo wo dome o.”+ 20  Mose kple Aron kpakple Israel ƒe ha blibo la wɔ na Lewi viwo nenema. Ale si tututu Yehowa de se na Mose le Lewi viwo ŋu la, nenemae Israel-viwo wɔ na woe. 21  Ale Lewi viwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu henya woƒe awuwo,+ eye Aron tsɔ wo na* abe vɔsa si wonyè le Yehowa ŋkume ene.+ Eye Aron lé avu ɖe wo ta tsɔ kɔ wo ŋu.+ 22  Ema megbe Lewi viwo yi ɖawɔ woƒe subɔsubɔdɔ le takpegbadɔa me le Aron kple viawo ŋkume. Ale si tututu Yehowa de se na Mose le Lewi viwo ŋu la, nenemae wowɔ na wo. 23  Eye Yehowa gblɔ na Mose be: 24  “Ðoɖo si li na Lewi viwoe nye esi: Ne ŋutsu aɖe xɔ tso ƒe blaeve vɔ atɔ̃ la, ekema anɔ ƒuƒoƒo si asubɔ le takpegbadɔa me la dome. 25  Ke ne exɔ ƒe blaatɔ̃ la, ekema axɔ dzudzɔ, maganɔ ƒuƒoƒo si asubɔ la dome o. 26  Ate ŋu akpe asi ɖe nɔvia siwo le woƒe dɔwo wɔm le takpegbadɔa me ŋu, gake mawɔ subɔsubɔdɔ aɖeke le afi ma o. Aleae nàna Lewi viwo nawɔ woƒe dɔwoe nye esi.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Aron nanyè Lewi viwo na.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Aron nanyè Lewi viwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nanyè wo.”
Alo, “ŋgɔgbevi siwo katã ʋu dɔ nu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Aron nyè wo.”