4 Mose 9:1-23

  • Ŋutitotovɔsalã la ɖuɖu ɣebubuɣi ŋuti ɖoɖowo (1-14)

  • Alilikpo kple dzo le avɔgbadɔa tame (15-23)

9  Esi Israel-viwo ʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ+ me la, Yehowa gblɔ na Mose le Sinai gbedzi be:  “Israel-viwo naɖu Ŋutitotovɔsalã+ la le eƒe ɣeyiɣi dzi.+  Miɖui le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi, le ɣleti sia ƒe ŋkeke wuienelia dzi, le anyinutsyɔɣi.* Miɖui ɖe eŋuti sewo kple ɖoɖowo katã nu.”+  Ale Mose gblɔ na Israel-viwo be woaɖu Ŋutitotovɔsalã la.  Eye woɖu Ŋutitotovɔsalã la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wuienelia dzi, le anyinutsyɔɣi,* le Sinai gbedzi. Ale si tututu Yehowa de se na Mose la, nenemae Israel-viwo wɔe.  Ke ame aɖewo ka asi ame kuku*+ ŋu tsɔ ƒo ɖi wo ɖokuiwo, si wɔe be womete ŋu ɖu Ŋutitotovɔsalã la gbe ma gbe o. Eya ta wova Mose kple Aron gbɔ gbe ma gbe,+  eye wogblɔ nɛ be: “Mía ŋu mekɔ o, elabena míeka asi ame kuku ŋu.* Nu ka tae nunana tsɔtsɔ vɛ na Yehowa le ɣeyiɣi la dzi nato mía ŋu le Israel ƒe ha la dome?”+  Eye Mose gblɔ na wo be: “Milala, ne mase se si le Yehowa si na mi.”+  Yehowa gblɔ na Mose be: 10  “Gblɔ na Israel-viwo be, ‘Ne edzɔ be mia dometɔ aɖe alo miaƒe dzidzimevi aɖe ŋu mekɔ o le esi wòka asi ame kuku+ ŋu ta,* alo zɔ mɔ legbe aɖe la, eya hã naɖu Ŋutitotovɔsalã la na Yehowa. 11  Woaɖui le ɣleti evelia+ ƒe ŋkeke wuienelia dzi, le anyinutsyɔɣi.* Woatsɔ abolo si wotsɔ amɔwɔ maʋamaʋã mè, kple ama veve,+ aɖui. 12  Woagagblẽ ɖeke ɖi ŋu nake ɖe edzi o,+ eye woagagbã eƒe ƒu aɖeke hã o.+ Woaɖui ɖe Ŋutitoto la ŋuti sewo katã nu pɛpɛpɛ. 13  Ke ne ame aɖe ŋu kɔ alo mezɔ mɔ o, gake meɖu Ŋutitotovɔsalãa o la, ekema woatsrɔ̃ ame* ma ɖa le eƒe dukɔ la dome,+ elabena metsɔ Yehowa ƒe nunana la vɛ le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi o. Woabia nu vɔ̃ si wòwɔ la ŋuti kɔntae. 14  “‘Eye ne amedzro aɖe le mia dome la, ekema eya hã naɖu Ŋutitotovɔsalã la na Yehowa.+ Wòawɔe le Ŋutitoto la ŋuti se kple ɖoɖo si le eŋu la nu.+ Se ɖekae anɔ eŋu na amedzrovi kple dumevi siaa.’”+ 15  Ke gbe si gbe wotu avɔgbadɔa+ la, alilikpo tsyɔ avɔgbadɔ si me Ðaseɖiɖiɖakaa le la dzi, ke le fiẽ la, alilikpoa nɔna abe dzo ene le avɔgbadɔa tame va se ɖe ŋdi.+ 16  Aleae wònɔna ɖaa: Alilikpo la tsyɔa edzi le ŋkeke me, eye wòdzena le zã me abe dzo ene.+ 17  Ɣesiaɣi si alilikpoa ho le agbadɔa tame la, Israel-viwo hã hona enumake,+ eye afi si alilikpoa va tɔ ɖo la, afi mae Israel-viwo ƒua asaɖa anyi ɖo.+ 18  Ne Yehowa be Israel-viwo naho la, wohona, eye ne Yehowa be woaƒu asaɖa anyi la, woƒua asaɖa anyi.+ Ŋkeke ale si alilikpoa gale avɔgbadɔa tame la, woƒua asaɖa anyi hetsia afi ma. 19  Ne alilikpoa kpɔtɔ le avɔgbadɔa tame ŋkeke geɖe la, Israel-viwo hã kpɔa Yehowa sinu, eye womehona o.+ 20  Ɣeaɖewoɣi la, alilikpoa nɔa avɔgbadɔa tame ŋkeke ʋɛ aɖewo ko. Ne Yehowa be woaƒu asaɖa anyi la, woƒua asaɖa anyi hetsia afi ma, eye ne Yehowa be woaho la, wohona. 21  Ɣeaɖewoɣi hã alilikpoa nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko; eye ne alilikpoa ho le ŋdi la, woawo hã wohona. Eɖanye ŋkeke me loo alo zã mee alilikpoa ho o, woawo hã wohona.+ 22  Eɖanye ŋkeke eve, ɣleti ɖeka alo ɣeyiɣi didi aɖee alilikpoa tɔ ɖe avɔgbadɔa tame o, Israel-viwo ƒua asaɖa anyi hetsia afi ma, eye womehona o. Ke ne eho la, ekema woawo hã wohona. 23  Ne Yehowa be woaƒu asaɖa anyi la, woƒua asaɖa anyi, eye ne Yehowa be woaho la, wohona. Wowɔa nu si Yehowa bia tso wo si la, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “le fiẽ eveawo dome.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le fiẽ eveawo dome.”
Alo, “amegbetɔ si nye luʋɔ.”
Alo, “le amegbetɔ si nye luʋɔ ta.”
Alo, “ŋu mekɔ o le luʋɔ aɖe ta.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le fiẽ eveawo dome.”
Alo, “luʋɔ.”