5 Mose 1:1-46

  • Wodzo le Horeb To la gbɔ (1-8)

  • Woɖo tatɔwo kple ʋɔnudrɔ̃lawo (9-18)

  • Tomaɖomaɖo le Kades-Barnea (19-46)

    • Israel-viwo gbe be yewomayi ɖe anyigba la dzi o (26-33)

    • Israel-viwo mete ŋu ɖu Kanaantɔwo dzi o (41-46)

1  Esiawoe nye nya siwo Mose gblɔ na Israel blibo la le Yordan nuto la me, le gbea dzi, le tagba si dze ŋgɔ Suf, le Paran, Tofel, Laban, Hazerot kple Dizahab dome.  Mɔzɔzɔ tso Horeb, to Seir To la ŋu, yi Kades-Barnea+ nye ŋkeke wuiɖekɛ ƒe azɔli.  Eye le ƒe blaenelia me,+ le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mose ƒo nu kple Israel-viwo, eye wògblɔ nya siwo katã Yehowa de esi be wòagblɔ na wo la na wo.  Egblɔ nya siawo esi wòɖu Sihon,+ Amori-fia si nɔ Hesbon dzi, kple Og,+ Basan-fia si nɔ Astarot la dzi le Edrei+ megbe.  Mose de asi Se+ sia me ɖeɖe me le Yordan nuto la me le Moab-nyigba dzi gblɔ be:  “Yehowa mía Mawu la gblɔ na mí le Horeb be: ‘Mienɔ tonuto sia me eteƒe didi.+  Mitrɔ ɖo ta Amoritɔwo+ ƒe tonuto la me, kple ame siwo katã te ɖe wo ŋu le Araba,*+ le tonuto la me, le Sefela,* le Negeb* kple ƒuta,+ Kanaantɔwo ƒe anyigba kple Lebanon,*+ va se ɖe tɔsisi gã Frat nu,+ la gbɔ.  Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba la ɖo mia ŋkume. Miyi ne miaxɔ anyigba si ŋu Yehowa ka atam le na mia fofo siwo nye Abraham, Isak+ kple Yakob,+ be yeatsɔ ana woawo kple woƒe dzidzimevi siwo ava ɖe wo yome la, wòazu mia tɔ.’+  “Eye megblɔ na mi ɣemaɣi be: ‘Nye ɖeka nyemate ŋu atsɔ mi o.+ 10  Yehowa mia Mawu la na miedzi ɖe edzi, eye azɔ miesɔ gbɔ egbea abe dziƒoɣletiviwo ene.+ 11  Yehowa mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la nena miasɔ gbɔ ɖe edzi+ zi akpe wu ale si miele, eye wòayra mi, abe ale si tututu wòdo ŋugbe na mi ene.+ 12  Aleke nye ɖeka mawɔ atsɔ miaƒe agba, miaƒe kuxiwo kple miaƒe dzrewɔwɔwo?+ 13  Mitia ŋutsu nyanu dzeaɖaŋu kpɔnuteƒewo le miaƒe toawo me, ne matsɔ wo aɖo mia nu.’+ 14  Eye mieɖo eŋu nam be: ‘Nu si nègblɔ na mí be míawɔ la nyo.’ 15  Eya ta metsɔ ŋutsu nyanu kpɔnuteƒe siwo mietia tso toawo me la ɖo tatɔwo ɖe mia nu: wo dometɔ aɖewo ɖe ame akpe nu, ɖewo ɖe ame alafa nu, ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, ɖewo ɖe ame ewo nu, eye ɖewo nye amegãwo na miaƒe toawo.+ 16  “Eye mede se na miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ɣemaɣi be: ‘Ne miele mia nɔviwo dome nyawo drɔ̃m la, midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe+ le ame kple nɔvia alo amedzro dome.+ 17  Migakpɔ ame ŋkume le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.+ Milé to ɖe ame tsɛ kple amegã ƒe nya ŋu sɔsɔe.+ Migavɔ̃ amegbetɔ o,+ elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ la nye Mawu tɔ;+ ne nya aɖe sesẽ na mi akpa la, mitsɔe va gbɔnye ne mase.’+ 18  Eye mede nu siwo katã wòle be miawɔ la ƒe se na mi ɣemaɣi. 19  “Azɔ míeho tso Horeb heto gbe gã dziŋɔ,+ si miekpɔ la dzi ɖo ta Amoritɔwo+ ƒe tonuto la me, abe ale si Yehowa mía Mawu la de se na mí ene, eye míeva ɖo Kades-Barnea.+ 20  Eye megblɔ na mi be: ‘Mieva ɖo Amoritɔwo ƒe tonuto, si Yehowa mía Mawu be yeatsɔ ana mí la me. 21  Kpɔ ɖa, Yehowa mia Mawu tsɔ anyigba la de asi na mi. Miyi ɖaxɔe wòazu mia tɔ, abe ale si tututu Yehowa mia tɔgbuiwo ƒe Mawu gblɔe na mi ene.+ Migavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi mi o.’ 22  “Ke mi katã mieva gbɔnye gblɔ be: ‘Na míadɔ ŋutsuwo ɖe mía ŋgɔ, ne woatsa le anyigba la dzi na mí, eye woava gblɔ mɔ si míato ayi kple du siwo ƒomevi ŋu míake ɖo la na mí.’+ 23  Nya la dze ŋunye, eya ta metia ŋutsu wuieve le mia dome, ŋutsu ɖeka tso to sia to me.+ 24  Eye wodze mɔ yi tonuto la me+ heva ɖo keke Eskol Bali* la me, eye woyi ɖatsa ŋku le afi ma. 25  Wotsɔ anyigba la dzi kutsetse aɖewo ɖe asi vɛ na mí, eye wogblɔ na mí be: ‘Anyigba si Yehowa mía Mawu be yeatsɔ ana mí la nyo.’+ 26  Ke miegbe be yewomayi o, eye miedze aglã ɖe Yehowa mia Mawu ƒe sedede la ŋu.+ 27  Eye mienɔ nyatoƒoe tom le miaƒe agbadɔwo me nɔ gbɔgblɔm be: ‘Esi Yehowa lé fu mí tae wòkplɔ mí tso Egipte-nyigba dzi be yeatsɔ mí ade asi na Amoritɔwo ne woatsrɔ̃ mí ɖo. 28  Afi ka gɔ̃e nye ema míeyina? Mía nɔviwo ɖe dzi le mía ƒo,*+ esi wogblɔ be, “Dukɔ la sɔ gbɔ, eye wodzɔ atsu wu mí, woƒe duwo lolo, eye woɖo gli sesẽwo ɖe wo ŋu yi ɖatɔ dziƒowo,*+ eye míekpɔ Anakitɔwo+ hã le afi ma.”’ 29  “Eya ta megblɔ na mi be: ‘Dzidzi megaƒo mi alo miavɔ̃ wo o.+ 30  Yehowa mia Mawu la adze mia ŋgɔ, eye wòawɔ aʋa na mi+ abe ale si tututu wòwɔe le Egipte miekpɔ ene.+ 31  Miekpɔ ale si Yehowa mia Mawu la kɔ mi le gbea dzi, abe ale si ŋutsu kɔa via ene, le teƒe siwo katã miezɔ va se ɖe esime mieɖo teƒe sia.’ 32  To esiawo katã gbɔ hã la, miexɔ Yehowa mia Mawu la dzi se o,+ 33  eya ame si dze mia ŋgɔ le mɔa dzi, be yeafia teƒe si miaƒu asaɖa anyi ɖo la mi. Edzena na mi abe dzo ene le zã me eye abe alilikpo ene le ŋkeke me ne wòafia mɔ si miato la mi.+ 34  “Le ɣeyiɣi sia katã me la, Yehowa se nya siwo gblɔm mienɔ la, eye wòdo dziku vevie heka atam be,+ 35  ‘Dzidzime vɔ̃ɖi sia me ŋutsuwo dometɔ aɖeke makpɔ anyigba nyui si ŋu meka atam ɖo be matsɔ ana mia fofowo la o,+ 36  negbe Kaleb, Yefune vi ko. Akpɔe, eye matsɔ anyigba si dzi wòde la ana eya kple viawo, elabena edze Yehowa yome kple eƒe dzi bliboe.+ 37  (Yehowa do dziku ɖe nye hã ŋunye le mia ta, eye wògblɔ be: “Wò hã màyi afi ma o.+ 38  Yosua, Nun vi si tɔ ɖe ŋkuwòme+ lae ayi.+ Do ŋusẽe,*+ elabena eyae ana Israel nanyi anyigba la dome.”) 39  Ke mia vi sue siwo ŋu miegblɔ le be woazu nuhaha+ kple mia vi siwo menya nyui alo vɔ̃ egbea o la, woawoe ayi anyigba la dzi, eye matsɔe ana wo wòazu wo tɔ.+ 40  Ke miawo la, mitrɔ, eye miaho aɖo ta gbedzi ato Ƒudzĩ la gbɔ mɔ.’+ 41  “Eye mieɖo eŋu nam be: ‘Míewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu. Fifia míayi aɖawɔ aʋa abe ale si Yehowa mía Mawu de se na mí la ene!’ Eya ta mia dometɔ ɖe sia ɖe kpla eƒe aʋawɔnuwo, eye miesusu be anɔ bɔbɔe na mi le to la dzi.+ 42  Ke Yehowa gblɔ nam be: ‘Gblɔ na wo be: “Migayi ɖawɔ aʋa o, elabena nyemanɔ mia dome o.+ Ne mieyi la, miaƒe futɔwo asi mi.”’ 43  Eya ta meƒo nu kpli mi, ke mieɖo to o. Ke miedze aglã ɖe Yehowa ƒe sedede la ŋu, eye mi katã miesẽ dzi me te kpɔ lia to la yi. 44  Eye Amoritɔ siwo le to ma dzi la do go va kpe mi, eye wonya mi ɖe nu, abe ale si ko anyiwo nyaa ame ɖe nui ene, eye woka mi hlẽ le Seir va ɖo keke Horma ke. 45  Emegbe mietrɔ gbɔ, eye miede asi avifafa me le Yehowa ŋkume, ke Yehowa meɖo to miaƒe gbe alo lé to ɖe mia ŋu o. 46  Eya tae mienɔ Kades eteƒe didi ɖo.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Anyiehe.”
Edze ƒãa be Lebanon togbaka wowɔnɛ.
Alo, “bali me.”
Alo, “tagba.”
Alo, “tɔʋu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “na míaƒe dzi lólo.”
Efia, du siwo ŋu woɖo gli kɔkɔwo ɖo.
Ðewohĩ, “Mawu do ŋusẽe.”