5 Mose 14:1-29

  • Ame kuku fafa le mɔ gbegblẽ nu (1, 2)

  • Nuɖuɖu kɔkɔewo kple nuɖuɖu makɔmakɔwo (3-21)

  • Nuwo ƒe ewolia nanye Yehowa tɔ (22-29)

14  “Yehowa mia Mawu ƒe viwoe mienye. Eya ta ne ame ku la, migasi miaƒe ŋutilã+ alo aƒlɔ miaƒe ŋgonu* kolikoli o.+  Elabena dukɔ kɔkɔe nènye+ na Yehowa wò Mawu, eye Yehowa tia wò tso dukɔ siwo katã le anyigba dzi la dome be nàzu yeƒe dukɔ, yeƒe nunɔamesi tɔxɛ.*+  “Mègaɖu ŋunyɔnu aɖeke o.+  Lã siwo miaɖue nye esi:+ nyi, alẽ, gbɔ̃,  zi, sãde, sẽ, adzɔke, avugbɔ̃e, afià kple todzilẽwo.  Miate ŋu aɖu lã siwo katã ƒe afɔkli me fe keŋkeŋ, eye wodzɔa nu gaɖuna.  Ke lã siwo dzɔa nu gaɖuna, alo esiwo ƒe afɔkli me fe la dometɔ siwo miaɖu o lae nye: kposɔ, fɔmizi kple hotoklolo, elabena wodzɔa nu gaɖuna gake woƒe afɔkli me mefe o. Nu makɔmakɔwo wonye na mi.+  Migaɖu ha hã o, elabena eƒe afɔkli me fe, gake medzɔa nu gaɖuna o. Nu makɔmakɔ wònye na mi. Migaɖu woƒe lã alo aka asi woƒe kukuawo ŋu o.  “Tɔmelã siwo katã miate ŋu aɖu la woe nye: Lã siwo katã ŋu adza kple tsro le.+ 10  Ke migaɖu nu siwo katã ŋu adza kple tsro mele o la o. Nu makɔmakɔ wonye na mi. 11  “Miate ŋu aɖu xe siwo katã ŋu kɔ. 12  Ke esiwo miaɖu o la woe nye esi: hɔ̃, akpo, gbagblaxetsu,+ 13  doɖi, aʋako kple ayisu ɖe sia ɖe ƒomevi, 14  akpaviã ƒomeviwo katã; 15  golo,* favieʋuto, tsalɛ̃, xe ƒonu ɖe sia ɖe ƒomevi, 16  ʋlukuku, favieʋuto ƒomeviwo, tɔkpakpaxe, 17  aluge, akaga, tsimese, 18  damixe, aŋɔɣi ƒomeviwo, agudzixe kple agutɔ. 19  Nu dzodzoe siwo katã nɔa ha me la hã nye nu makɔmakɔ na mi. Migaɖu wo o. 20  Miate ŋu aɖu nuwɔwɔ siwo dzona, siwo ŋu kɔ la dometɔ ɖe sia ɖe. 21  “Migaɖu lã si ku le eɖokui si la o.+ Àte ŋu atsɔe ana amedzro si le wò duwo* me wòaɖu; alo àte ŋu adzrae na du bubu me tɔ, elabena dukɔ kɔkɔe nènye na Yehowa wò Mawu. “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.+ 22  “Ele be nàna wò agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe.+ 23  Eye nàno wò wain yeye ƒe ewolia, nàɖu wò nuku, kple wò ami ƒe ewolia, kpakple wò nyiwo kple wò alẽwo ƒe vi gbãtɔwo le Yehowa wò Mawu la ŋkume le teƒe si wòatia be yeƒe ŋkɔ nanɔ,+ ne nàsrɔ̃ ale si nàvɔ̃ Yehowa wò Mawu la ɣeawokatãɣi.+ 24  “Ke ne mɔa didi na wò akpa, eye màte ŋu atsɔ nu siawo ayi teƒe si Yehowa wò Mawu atia be yeƒe ŋkɔ nanɔ+ la o, le esi teƒea didi akpa tso gbɔwò ta la (elabena Yehowa wò Mawu ayra wò), 25  ekema nàdzra wo, eye nàtsɔ ga la ɖe asi ayi teƒe si Yehowa wò Mawu atia la. 26  Eye nàtsɔ ga la aƒle nu sia nu si adzro wò,* eɖanye nyiwo, alẽwo, gbɔ̃wo, wain kple aha muame bubuwo, alo nu sia nu si dze ŋuwò;* eye nàɖu nu le afi ma le Yehowa wò Mawu la ŋkume, eye wò kple wò aƒemetɔwo miakpɔ dzidzɔ.+ 27  Eye mègagblẽ Lewi vi si le wò duwo me la ɖi o,+ elabena gome alo domenyinu aɖeke mele esi kpe ɖe ŋuwò o.+ 28  “Le ƒe etɔ̃ sia ƒe etɔ̃ ƒe nuwuwu la, nàtsɔ ƒe ma me agblemenuwo katã ƒe ewolia ava da ɖe wò duwo me.+ 29  Eye Lewi vi, si si gome alo domenyinu aɖeke mele kpe ɖe ŋuwò o, amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi, siwo le wò duwo me la nava, eye woaɖu nu aɖi ƒo;+ ne Yehowa wò Mawu nayra wò le nu siwo katã nèwɔna la me.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “aƒlɔ ŋugbladome.”
Alo, “nunɔamesi vevi.”
Alo, “tsatsaboli.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzro wò luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nu sia nu si wò luʋɔ abia tso asiwò.”