5 Mose 22:1-30

  • Kpekpe ɖe ame havi ƒe lãwo ŋu (1-4)

  • Ŋutsu si do nyɔnuwu alo nyɔnu si do ŋutsuwu (5)

  • Dɔmenyonyo na lãwo (6, 7)

  • Kpɔtɔtɔ ɖe xɔwo tame (8)

  • Nukuwo tsakatsaka aƒã (9-11)

  • Gbowo ɖe avɔ ƒe dzogoewo ŋu (12)

  • Se siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu dzi dada (13-30)

22  “Ne èkpɔ nɔviwò ƒe nyi alo eƒe alẽ wòtra mɔ la, mègato eŋu yi o.+ Kplɔe yi na nɔviwòa.  Ke ne nɔviwòa mete ɖe ŋuwò o, eye mèdze sii o la, ekema nàkplɔ lãa ava aƒewò me, eye wòanɔ gbɔwò va se ɖe esime nɔviwòa dii va ke ɖe eŋu. Eye nàgbugbɔe nɛ.+  Alea kee nàwɔ eƒe tedzi kple eƒe avɔ kpakple eƒe nu sia nu si bu, si ŋu nèke ɖo. Mègato eŋu yi o.  “Ne èkpɔ nɔviwò ƒe tedzi alo eƒe nyi wòdze anyi ɖe mɔ dzi la, mègato eŋu yi o. Kpe ɖe eŋu wòafɔ lã la ɖe tsitre.+  “Nyɔnu megado ŋutsuwu o, eye ŋutsu megado nyɔnuwu o. Elabena ame sia ame si wɔ nu sia la, nye ŋunyɔnu na Yehowa wò Mawu.  “Ne èkpɔ xevitɔ aɖe le mɔ dzi, le ati aɖe dzi alo le anyigba, eye vi alo azi le eme, eye dadaa tsyɔ akɔ ɖe viawo alo aziawo dzi la, mègalé dadaa kpe ɖe viawo ŋu o.+  Ðe asi le dadaa ŋu wòadzo, gake àte ŋu alé viawo ya. Wɔ alea ne eme nanyo na wò, eye nànɔ agbe didi.  “Ne ètso aƒe yeye la, tɔ kpɔ ɖe xɔa tame,+ bena ame aɖeke magage le edzi, eye nàna wò aƒe naɖi ʋufɔ o.  “Mègaƒã nuku bubu aɖeke ɖe wò waingble me o,+ bene woagaxɔ nu siwo nèkpɔ tso nuku si nèƒã la me kple nu si nèkpɔ tso waingblea me la siaa wòazu kɔkɔeƒe la tɔ o. 10  “Mègana nyitsu kple tedzi nanɔ kɔkuti ɖeka te aŋlɔ nu o.+ 11  “Mègado awu si wotsɔ lãfu kple ɖeti tsaka lɔ̃ o.+ 12  “De gbowo wò avɔ si nètsyɔna ƒe dzogoe eneawo ŋu.+ 13  “Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃, eye wòdɔ egbɔ, eye emegbe wòva lé fui,* 14  eye wòtso enu be ewɔ ŋukpenanu hegblẽ eƒe ŋkɔ gblɔ be: ‘Nyɔnu siae meɖe, eye medɔ kplii, gake nyemekpɔ naneke le eŋu si fia be ɖetugbui leaƒee wònye o’ la, 15  ekema nyɔnua fofo kple dadaa natsɔ kpeɖodzi siwo li be nyɔnuvi la nye ɖetugbui leaƒe la vɛ na dumemetsitsiwo le dua ƒe agbo nu. 16  Eye nyɔnuvi la fofo nagblɔ na ametsitsiawo be, ‘Metsɔ vinyenyɔnu na ŋutsu sia wòɖe, gake elé fui* 17  eye wòtso enu be ewɔ ŋukpenanu, gblɔ be: “Nyemekpɔ naneke le viwònyɔnua ŋu si fia be ɖetugbui leaƒee wònye o.” Ke esiae nye kpeɖodzi be ɖetugbui leaƒee vinyenyɔnua nye.’ Eye woakeke avɔ la me ɖe dua me ametsitsiawo ŋkume. 18  Eye dumemetsitsiawo+ nalé ŋutsu la ahe to nɛ.+ 19  Eye woado klosalo sekel* alafa ɖeka ƒe fe nɛ, eye woatsɔe ana nyɔnuvia fofo, elabena ŋutsu la gblẽ ŋkɔ na Israel ɖetugbui leaƒe,+ eye nyɔnuvia nakpɔtɔ anye srɔ̃a. Mekpɔ mɔ agbee le eƒe agbemeŋkekewo katã me o. 20  “Ke ne nyateƒee nutsotso sia nye, eye womekpɔ kpeɖodzi aɖeke be nyɔnuvia nye ɖetugbui leaƒe o la, 21  ekema woakplɔ nyɔnuvi la ado goe ava fofoa ƒe aƒe mɔnu, eye dua me ŋutsuwo naƒu kpee wòaku, elabena ewɔ ŋukpenanu+ le Israel, esi wòwɔ matre le fofoa ƒe me.+ Ale nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.+ 22  “Ne wokpɔ ŋutsu aɖe wòle nyɔnu aɖe si nye ŋutsu bubu srɔ̃ gbɔ dɔm la, ele be woawu wo ame evea, ŋutsu si le nyɔnua gbɔ dɔm kple nyɔnua siaa.+ Ale nàɖe vɔ̃ la ɖa le Israel. 23  “Ne wodo ɖetugbui leaƒe aɖe ŋugbe na ŋutsu aɖe, eye ŋutsu bubu kpɔe le dua me hedɔ egbɔ la, 24  ekema miakplɔ wo ame evea ado goe va du la ƒe agbo nu, eye miaƒu kpe wo woaku, woawu nyɔnuvia, elabena du mee wolée le gake medo ɣli o, eye woawu ŋutsua, le esi wòdo vlo ehavi srɔ̃ ta.+ Ale nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme. 25  Ke ne gbe mee ŋutsua kpɔ nyɔnuvi si ŋugbe wodo na ŋutsu aɖe la le, eye ŋutsua lée sesẽe dɔ egbɔ la, ekema ele be woawu ŋutsu si dɔ egbɔ la ɖeɖe ko, 26  ke mègawɔ naneke nyɔnuvia ya o. Nyɔnuvia mewɔ nu vɔ̃ aɖeke si dze ku o. Nya sia le ko abe ale si ŋutsu adze ehavi dzi awui* la ene.+ 27  Elabena gbe mee wòkpɔe le, eye nyɔnuvi si wodo ŋugbe na la do ɣli, gake ame aɖeke meli axɔ nɛ o. 28  “Ne ŋutsu aɖe kpɔ nyɔnuvi si nye ɖetugbui leaƒe si womedo ŋugbe na o, eye wòlée sesẽe dɔ egbɔ, eye wolé wo la,+ 29  ekema ŋutsu si dɔ nyɔnuvia gbɔ la natsɔ klosalo sekel blaatɔ̃ ana nyɔnuvia fofo, eye wòazu srɔ̃a.+ Le esi wòdo vloe ta la, mekpɔ mɔ agbee le eƒe agbemeŋkekewo katã me o. 30  “Ŋutsu aɖeke megaɖe fofoa srɔ̃ o, ne wòagado vlo fofoa o.*+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “wògbee.”
Alo, “egbee.”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “awui, aɖe eƒe luʋɔ ɖa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wòagaklo fofoa ƒe avɔ o.”