5 Mose 24:1-22

  • Srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe (1-5)

  • Bubudede agbe ŋu (6-9)

  • Ame dahewo ŋu bubu (10-18)

  • Se siwo ku ɖe nukuwo fɔfɔ le agble me ŋu (19-22)

24  “Ne ŋutsu aɖe ɖe nyɔnu eye emegbe wòkpɔ nu manyomanyo aɖe le nyɔnua ŋu ale be eƒe nu meganyo eŋu o la, ekema ŋutsua naŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ nɛ,+ eye wòatsɔe ade esi ahanyae le eƒe me.+  Ne edzo le eƒe me la, ate ŋu azu ŋutsu bubu srɔ̃.+  Ne ŋutsu evelia sia lé fui,* eye wòŋlɔ srɔ̃gbegbalẽ de esi henyae le eƒe me, alo ne ŋutsu evelia sia si ɖee la ku la,  ŋutsu si srɔ̃ wònye gbã, si nyae la, mekpɔ mɔ agaɖee wòazu srɔ̃a esi wogblẽe vɔ megbe o, elabena ŋunyɔnue esia nye na Yehowa. Mègahe vɔ̃ va anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm be wòanye wò domenyinu la dzi o.  “Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ yeye la, mele be wòayi aʋa loo alo woaɖo dɔ bubu aɖeke nɛ o. Ele be wòanɔ anyi ƒe ɖeka, anɔ aƒe me ado dzidzɔ na srɔ̃a.+  “Ame aɖeke megaxɔ té alo tévi sesẽe wòazu awɔbanu o,+ elabena nu si nu amea nɔa agbe ɖoe* nye ema xɔm wòle awɔbanui.  “Ne wokpɔ ame aɖe wòlé nɔvia Israel-vi aɖe ɣla, eye wòsẽ ŋuta le eŋu hetsɔe dzra la,+ ekema woawu ameléla la.+ Eye nàɖe vɔ̃ la ɖa le dowòme.+  “Ne anyidɔ* ɖo mia dome la, wɔ nu siwo katã nunɔla siwo nye Lewi viwo afia mi la dzi pɛpɛpɛ.+ Ale si tututu mede se na wo la, nenema pɛpɛpɛ miawɔ.  Ðo ŋku nu si Yehowa wò Mawu wɔ Miriam le mɔa dzi esime mietso Egipte gbɔna la dzi.+ 10  “Ne èdo nane na hawòvi la,+ mègage ɖe eƒe me atsɔ nu si wòbe yeatsɔ aɖo awɔbae la sesẽe o. 11  Tɔ ɖe xexe, eye ame si nèdo nua na la ŋutɔ natsɔ awɔbanua ado goe vɛ na wò. 12  Ke ne ame dahe wònye la, eƒe awɔbanu la megatsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.+ 13  Ne ɣe nya ɖo to teti ko la, nàgbugbɔ awɔbanu la nɛ, bena wòate ŋu atsyɔ avɔ la ne emlɔ anyi,+ ne wòayra wò; eye wòazu dzɔdzɔenyenye na wò le Yehowa, wò Mawu ŋkume. 14  “Mègatafa apadɔwɔla si da ahe la o, eɖanye nɔviwòwo alo amedzro siwo le wò duwo* me le wò anyigba dzi la dometɔ aɖee o.+ 15  Ele be nàxe eƒe fe nɛ gbe ma gbe+ hafi ɣe naɖo to, elabena ame dahee, eye eƒe fetue lé eƒe agbe* ɖe te. Ne wòagado ɣli na Yehowa le tawò, ne wòazu nu vɔ̃ na wò o.+ 16  “Womawu fofowo ɖe nu si wo viwo wɔ la ta o, eye womawu viwo hã ɖe nu si wo fofowo wɔ la ta o.+ Woawu ame ɖe eya ŋutɔ ko ƒe nu vɔ̃ ta.+ 17  “Mègatrɔ gbo amedzro alo tsyɔ̃evi ƒe nya le ʋɔnudɔdrɔ̃ me o,+ eye mègaxɔ ahosi ƒe avɔ awɔbae o.+ 18  Ðo ŋku edzi be ènye kluvi le Egipte kpɔ, eye Yehowa wò Mawu ɖe wò tso afi ma.+ Esia tae mele se dem na wò be nàwɔ alea ɖo. 19  “Ne èŋe wò agblemenuwo eye nèŋlɔ babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi be yeatsɔe o. Nenɔ anyi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo;+ ne Yehowa wò Mawu nayra wò le nu siwo katã nèwɔna la me.+ 20  “Ne èƒo wò amiti vɔ la, mègatrɔ yi ɖaƒo woƒe alɔawo ake o. Esiwo susɔ la nenɔ anyi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo.+ 21  “Ne èxa waintsetsewo le wò waingble me vɔ la, mègatrɔ yi ɖaƒo esiwo tsi anyi la nu ƒu o. Gblẽ wo ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. 22  Ðo ŋku edzi be ènye kluvi le Egipte-nyigba dzi kpɔ. Esia tae mele se dem na wò be nàwɔ alea ɖo.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “gbee.”
Alo, “elabena agbee nye ema xɔm wòle; luʋɔe.”
Alo, “kpodɔ.” Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “anyi” la ƒe gɔmesese keke ta. Ate ŋu alɔ ŋutigbalẽdɔ vovovo siwo woxɔna le ame ŋu ɖe eme. Enye dɔ si ate ŋu ado ɖe awuwo me kple xɔwo hã ŋu.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbowo.”
Alo, “luʋɔ.”