Hawo Ƒe Ha 1:1-17

  • Hawo ƒe ha (1)

  • Ðetugbui la (2-7)

  • Yerusalem vinyɔnuwo (8)

  • Fia la (9-11)

    • “Míatsɔ sika awɔ atsyɔ̃ɖonu na wò” (11)

  • Ðetugbui la (12-14)

    • ‘Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe miregoe ene’ (13)

  • Alẽkplɔla la (15)

    • “Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo!”

  • Ðetugbui la (16, 17)

    • “Nye lɔlɔ̃tɔ, wò hã èdze ɖeka ŋutɔ” (16)

1  Hawo ƒe ha,* si nye Salomo ƒe ha:+  2  “Ne ɖe wòagbugbɔ nu nam ɖe!Elabena wò lɔlɔ̃ɖeɖefia nyo wu wain.+  3  Wò amiwo le ʋeʋẽm lilili.+ Wò ŋkɔ le abe ami ʋeʋĩ si wokɔ ɖi la ene.+ Esia tae ɖetugbuiwo lɔ̃a wò ɖo.  4  Kplɔm ɖe asi;* na míaƒu du. Fia la kplɔm yi eƒe xɔ gãwo me! Na míakpɔ dzidzɔ atso aseye ɖe ŋuwò. Na míakafu wò lɔlɔ̃ɖeɖefia wu wain. Wo* tɔ dzɔ be wolɔ̃a wò.  5  Oo, mi Yerusalem vinyɔnuwo, ame yii* menye, gake menya kpɔ,Abe Kedar ƒe agbadɔwo ene,+ abe Salomo ƒe agbadɔvɔwo+ ene.  6  Miganɔ kpɔyem, le esi menyɔ ta o,Le esi ɣe ɖum ta o. Danye viŋutsuwoe do dziku ɖe ŋunye;Woɖom waingbleawo ŋu dzɔlae,Evɔ megblẽ nye ŋutɔ nye waingble ya ɖi.  7  Gblɔe nam, wò ame si melɔ̃na* vevie,Gblɔ afi si wò lãhawo ɖua gbe le,+Afi si nènana wotsyɔa akɔ ɖo le ŋdɔ me la nam. Nu ka tae wòle be manɔ tsatsam abe nyɔnu si tsyɔ nu ŋkume* eneLe hawòviwo ƒe lãhawo dome?”  8  “Oo tugbewo ƒe tugbe, ne mènyae o la,Ekema do afɔ na lãhawo,Eye nàna wò gbɔ̃viwo naɖu gbe le lãkplɔlawo ƒe avɔgbadɔwo gbɔ.”  9  “Nye lɔlɔ̃tɔ, èle nam abe sɔnɔ* le Farao ƒe tasiaɖamwo ŋu ene.+ 10  Atsyɔ̃ɖonuwo dze tonu na wò ale gbegbe,*Wò kɔdzonuwo hã dze wò ŋutɔ! 11  Míatsɔ sika awɔ atsyɔ̃ɖonu* na wò,Eye klosalokpeviwo anɔ eŋu.” 12  “Esi fia la bɔbɔ nɔ eƒe kplɔ̃ ŋu la,Nye ami ʋeʋĩ*+ la xɔ teƒea katã. 13  Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe miregoe+ eneLe nye nowo domee zã bliboa. 14  Nye lɔlɔ̃tɔ le nam abe henaseƒoƒo*+ eneLe En-Gedi+ waingblewo me.” 15  “Nye lɔlɔ̃tɔ, èdze tugbe loo! Mebe, èdze tugbe ŋutɔ! Wò ŋkuwo le abe ahɔnɛ ƒe ŋkuwo ene.”+ 16  “Oo nye lɔlɔ̃tɔ, wò hã èdze ɖeka ŋutɔ, eye wò nu nyoa ame ŋu.+ Míaƒe mlɔƒe le gbe damawo dome. 17  Míaƒe aƒe* ƒe daɖedziwo nye sedertiwo,Eye míaƒe xɔdzisasrãwo nye sesewutiwo.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Ha si ƒo hawo ta.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Hem ɖe ɖokuiwò ŋu.”
Efia, Ðetugbuiawo.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame yibɔ.”
Alo, “nyɔnu si tsɔ konyifavɔ tsyɔ ŋkume.”
Alo, “nye luʋɔ lɔ̃na.”
Alo, “nye sɔnɔ.”
Agate ŋu afia, “Ða gbigbi siwo kɔ ɖe tonu na wò la na wò alɔgo nya le kpɔkpɔm.”
Alo, “gavi kotoekotoewo.”
Alo, “gbe ʋeʋĩ (nardomi).”
Alo, “lele; lali.” Wotitinɛ ɖe asi kple afɔ wòbiãna, eye wotsɔnɛ dea ama nu bubuwo hã.
Alo, “aƒe nyui la.”