Hawo Ƒe Ha 2:1-17

  • Ðetugbui la (1)

    • “Seƒoƒo ko menye”

  • Alẽkplɔla la (2)

    • ‘Nye lɔlɔ̃tɔ le abe dzogbenya ene’

  • Ðetugbui la (3-14)

    • ‘Miganyɔ lɔlɔ̃ ɖe menye o, va se ɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi’ (7)

    • Alẽkplɔlaa ƒe nyawo (10b-14)

      • “Nye tugbe, va mídzo” (10b, 13)

  • Ðetugbuia nɔviŋutsuwo (15)

    • “Milé abeiwo na mí”

  • Ðetugbui la (16, 17)

    • “Nye lɔlɔ̃tɔ la nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ” (16)

2  “Seƒoƒo ko menye le ƒuta,Dzogbenya le baliwo me.”+   “Ale si dzogbenya le le ŋùwo domee la,Nenemae nye lɔlɔ̃tɔ le le nyɔnuviwo domee.”   “Ale si atɔtɔŋutiti le le avemetiwo domee la,Nenemae nye lɔlɔ̃tɔ le le ɖekakpuiwo domee. Eƒe vɔvɔli te nɔnɔ dzroam vevie,Eye eƒe kutsetsewo vivia nunye.   Ekplɔm yi xɔ si me woɖo kplɔ̃ ɖo;*Lɔlɔ̃e nye eƒe dzesi le dzinye.   Tsɔ waintsetse ƒuƒu bolowo do dzidzɔ nam;+Tsɔ atɔtɔŋutiwo de agbe menye,Elabena lɔlɔ̃ de dɔ lãme nam.   Etsɔ eƒe miasi de nye ta te,Eye wòtsɔ eƒe nuɖusi kplam.+   Oo Yerusalem vinyɔnuwo,Mitsɔ sãde+ alo zinɔ le gbe me ka atam nam be: Yewomanyɔ lɔlɔ̃ ɖe menye alo aʋuʋui o, va se ɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi.+   Nye lɔlɔ̃tɔ ŋkɔ le ɖiɖim! Kpɔ ɖa! Eyae nye ekem gbɔna,Ele kpo tim le towo dzi hele togbɛwo flɔm gbɔna.   Nye lɔlɔ̃tɔ le abe sãde alo zivi ene.+ Kpɔ ɖa! Eyae nye esi tɔ ɖe míaƒe kpɔ godo,Le nu kpɔm to fesre nuHedo mo ɖa to fesrenutiwo dome. 10  Nye lɔlɔ̃tɔ le nu ƒom, egblɔ nam be: ‘Nye lɔlɔ̃tɔ ɖeka abe eve ene, tso,Nye tugbe, va mídzo. 11  Kpɔ ɖa! Vuvɔŋɔli* nu yi. Tsidzadza ke eye enu va yi. 12  Seƒoƒowo do ɖe anyigba dzi,+Wainkawo ŋu ɖeɣi ɖo,+Eye akpakpa* ƒe xɔxlɔ̃ le ɖiɖim le míaƒe anyigba dzi.+ 13  Gboti ƒe tsetse gbãtɔwo de asi ɖiɖi me;+Wainkawo ƒo se, eye wole ʋeʋẽm lilili. Nye lɔlɔ̃tɔ, tso nàva. Nye tugbewo ƒe tugbe, va mídzo. 14  Oo nye ahɔnɛ le kpetowo me,+Le agawo ƒe globoeƒewo,Na makpɔ wò, ne mase wò gbe,+Elabena wò gbe vivina, eye ènya kpɔ ŋutɔ.’”+ 15  “Milé abeiwo na mí,Abeivi siwo le waingbleawo gblẽm,Elabena míaƒe waingblewo ƒo se.” 16  “Nye lɔlɔ̃tɔ la nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ.+ Ele lãhawo kplɔm+ le dzogbenyawo me.+ 17  Oo nye lɔlɔ̃tɔ, trɔ gbɔ kaba,Hafi anyinu nafa, eye vɔvɔli nu nayi,Eye nànɔ abe sãde+ alo zivi+ le kaklãtowo* dzi ene.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “wainxɔ me.”
Alo, “tsidzaɣi.”
Alo, “ƒeƒlelu.”
Agate ŋu afia, “agatowo.” Alo, “Beter-towo.”