Hawo Ƒe Ha 3:1-11

  • Ðetugbui la (1-5)

    • ‘Medi ame si melɔ̃na la le zã me’ (1)

  • Zion vinyɔnuwo (6-11)

    • Woƒo nu tso Salomo ƒe kesinɔnuwo ŋu

3  “Medi ame si melɔ̃na*+ laLe nye aba dzi le zã me. Medii ʋuu, gake nyemekpɔe o.+   Mafɔ ayi aɖatsa le dua me;Mayi aɖadi nye dzi lɔlɔ̃a le kpɔdomeewo kple ablɔwo me. Madi ame si melɔ̃na* la. Medii kakaka gake nyemekpɔe o.   Dzɔla siwo le tsatsam le dua me la do gom,+Eye mebia wo be: ‘Miekpɔ ame si melɔ̃* la nama?’   Nyemekpɔ dze le wo ŋuHafi kpɔ ame si melɔ̃* la o. Meku ɖe eŋu, eye mebe nyemaɖe asi le eŋu oVa se ɖe esime mekplɔe va danye ƒe me,+Va ame si dzim la ƒe xɔgã me.   Oo Yerusalem vinyɔnuwo,Mitsɔ sãde alo zinɔ le gbe me ka atam nam be: Yewomanyɔ lɔlɔ̃ ɖe menye alo aʋuʋui o, va se ɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi.”+   “Ame kae nye ekem tso gbedzi gbɔna abe dzudzɔ babla ene,Si ŋu mire kple lifiKpakple asitsalawo ƒe atike ʋeʋĩ tutu vovovowo le ʋeʋẽm le?”+   “Kpɔ ɖa! Salomo ƒe apakae. Kalẽtɔ blaade ƒo xlãe,Wonye Israel ŋutsu kalẽtɔwo,+   Yi le wo katã si,Wobi ɖe aʋawɔwɔ me,Eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ta eƒe yi ɖe aklitoNe woanɔ ŋudzɔ ɖe zã ƒe ŋɔdzi ŋu.”   “Fia Salomo ƒe apakae,*Lebanon ƒe atiwoe wòna wotsɔ kpae nɛ.+ 10  Wotsɔ klosalo wɔ eƒe afɔwo,Eye wotsɔ sika wɔ eƒe medeƒe. Wotsɔ alẽfuvɔ aɖabɛ dzĩtɔ wɔ eƒe anyinɔƒe;Yerusalem vinyɔnuwoeDo atsyã ɖe eme lɔlɔ̃tɔe.” 11  “Mi Zion vinyɔnuwo, mido va,Ne miakpɔ Fia Salomo ɖa,Eyae nye esi ɖɔ fiakuku* si dadaa+ lɔ̃ nɛLe eƒe srɔ̃ɖegbe,Le eƒe dzi ƒe dzidzɔkpɔgbe.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nye luʋɔ lɔ̃na.”
Alo, “nye luʋɔ lɔ̃na.”
Alo, “nye luʋɔ lɔ̃.”
Alo, “nye luʋɔ lɔ̃.”
Enye apaka si tame wogba si wotsɔ kɔa ame ŋkutawo.
Alo, “seƒoƒotsihe; srɔ̃ɖekuku.”