Hawo Ƒe Ha 5:1-16

  • Alẽkplɔla la (1a)

  • Yerusalem vinyɔnuwo (1b)

    • “Mino lɔlɔ̃ miamu!”

  • Ðetugbui la (2-8)

    • Elĩ eƒe drɔ̃e

  • Yerusalem vinyɔnuwo (9)

    • “Nu kae wò lɔlɔ̃tɔ la tsɔ ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae?”

  • Ðetugbui la (10-16)

    • ‘Eɖe dzesi wu le ame akpe ewo dome’ (10)

5  “Oo nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ,Meva nye abɔ me.+ Megbe nye mire kple nye gbe ʋeʋĩ.+ Menyi nye anyixe kple nye anyitsi;Meno nye wain kple nye notsi.”+ “Xɔ̃nyewo, miɖu nu! Mino lɔlɔ̃ miamu!”+   “Mele alɔ̃ me, ke nye dzi le ŋute.+ Nye lɔlɔ̃tɔ le ʋɔ ƒom!” ‘Oo nɔvinyenyɔnu, nye dzi lɔlɔ̃a,Nye ahɔnɛ, nye ame dzadzɛ, ʋu ʋɔa nam! Elabena ahũ ƒo ta nam belee,Eye nye ɖa me yɔ fũu kple zãmu.’+   Meɖe nye awu ɖi. Ðe magatsɔe adoa? Meklɔ nye afɔwo. Ðe magaƒo ɖi wo akea?   Nye lɔlɔ̃tɔ he asi ɖa tso ʋɔtrua ƒe do nu,Ale nye dzi kpɔ dzidzɔ le menye.   Mefɔ be maʋu ʋɔa na nye lɔlɔ̃tɔ;Mire le tsyɔtsyɔm le asi ŋu nam,Mire tsrolo le ɖuɖum le nye asibidɛwo ŋuÐe gametia ƒe asiléƒe ŋu.   Meʋu ʋɔa na nye lɔlɔ̃tɔ,Ke nye lɔlɔ̃tɔ trɔ dzo, ebu. Esi wòtrɔ dzo la,* dzi ɖe le ƒonye.* Medii ʋuu, gake nyemekpɔe o.+ Meyɔe, gake metɔ nam o.   Dzɔla siwo le tsatsam le dua me la do gom. Woƒom hede abi ŋunye. Gliŋudzɔlawo ɖe nye kɔmetsyɔvɔ* la le ŋunye.   Oo, Yerusalem vinyɔnuwo, mika atam nam be: Ne mieke ɖe nye lɔlɔ̃tɔ ŋu la,Yewoagblɔ nɛ be lɔlɔ̃ de dɔ lãme nam.”   “Tugbewo fia,Nu kae wò lɔlɔ̃tɔ la tsɔ ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae? Nu ka kurae wò lɔlɔ̃tɔ la tsɔ ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae,Be nàna míaka atam alea?” 10  “Nye lɔlɔ̃tɔ le keklẽm, ebiã;Eye wòɖe dzesi wu le ame akpe ewo dome. 11  Eƒe ta nye sika, sika nyuitɔ. Eƒe taɖa le abe deʋaya siwo me ya ɖo ene,*Eye wònyɔ abe akpaviã ene. 12  Eƒe ŋkuwo le abe ahɔnɛ siwo le tɔʋu to,Siwo le notsi lem,Eye wodze ɖe tɔ to ene. 13  Eƒe alɔgo le abe kpó siwo dzi gbe ʋeʋĩwo le la ene,+Gbe ʋeʋĩ siwo woli kɔ ɖi. Eƒe nuyiwo nye dzogbenya siwo le mire tsroloe tsyɔm.+ 14  Eƒe abɔwo nye sikati mlimɔ siwo ŋu woɖo krisolit-kpewo ɖo. Eƒe ƒodo nye nyiɖu zɔzrɔ̃e si wotsɔ safir-kpewo ɖo atsyɔ̃ na. 15  Eƒe afɔwo nye kpe xɔasi sɔti siwo ƒe anyinɔwo nye sika nyuitɔ. Eƒe dzedzeme le abe Lebanon ene, enyo ale gbegbe, abe sederti ene.+ 16  Vivi sɔŋ le eƒe nu me,Eye nu sia nu nyo le eŋu!+ Oo, Yerusalem vinyɔnuwo, aleae nye lɔlɔ̃tɔ la le, aleae nye dzi lɔlɔ̃a le.”

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “Esi wòƒo nu la nye luʋɔ nu tsi.”
Alo, “luʋɔ dzo le tanye.”
Alo, “motsyɔnu.”
Agate ŋu afia, “abe ayedetawo ene.”