Hawo Ƒe Ha 6:1-13

  • Yerusalem vinyɔnuwo (1)

  • Ðetugbui la (2, 3)

    • “Nye lɔlɔ̃tɔ la nye tɔnye, eye nye hã menye etɔ” (3)

  • Fia la (4-10)

    • “Èdze tugbe abe Tirza ene” (4)

    • Nyɔnuwo ƒe nyawo (10)

  • Ðetugbui la (11, 12)

  • Fia la (kple ame bubuwo) (13a)

  • Ðetugbui la (13b)

  • Fia la (kple ame bubuwo) (13c)

6  “Tugbewo fia,Afi kae wò lɔlɔ̃tɔ la yi? Afi kae wò dzi lɔlɔ̃a to? Ne míakpe ɖe ŋuwò adii.”   “Nye lɔlɔ̃tɔ yi eƒe abɔ me,Eyi gbe ʋeʋĩ kpówo gbɔ,Ne wòakplɔ lãhawo le abɔawo me,Eye wòagbe dzogbenyawo.+   Nye lɔlɔ̃tɔ la nye tɔnye,+Eye nye hã menye etɔ. Ele lãhawo kplɔm le dzogbenyawo me.”+   “Nye lɔlɔ̃tɔ,+ èdze tugbe abe Tirza*+ ene,Ènyo abe Yerusalem ene,+Ènya le kpɔkpɔm abe aʋakɔ siwo ƒo ƒu ɖe woƒe dzesitiwo gbɔ ene.+   Ðe ŋku+ ɖa le ŋunye,Elabena wole fu ɖem nam. Wò taɖa le abe gbɔ̃haSiwo le abu ɖim tso Gilead-towo dzi gbɔna ene.+   Wò aɖuwo le abe alẽhaSiwo wole tsi na teti ene;Wo katã wodzi venɔviwo,Eye ɖeke ƒe vi meku o.   Wò alɔgowo le dzedzem le wò motsyɔnu la meAbe yevuboɖa si me wofe ene.   Fia srɔ̃wo ade blaade,Ahiãwo ade blaenyi,Eye ɖetugbuiwo ya mele xexlẽ me o.+   Ke ɖeka koe nye nye ahɔnɛ,+ nye ame dzadzɛ. Eyae nye dadaa ƒe vinyɔnu ɖeka hɔ̃. Vi malɔ̃nugbɔe* wònye na nɔa. Nyɔnuwo kpɔe, eye woyɔe be dzidzɔtɔ;Fia srɔ̃wo kple fia ƒe ahiãwo kpɔe, eye wokafui. 10  ‘Nyɔnu kae nye esi le keklẽm* abe agudzedze ene,Nya kpɔ abe ɣleti si sɔ tegblẽe ene,Dza abe ɣe ƒe keklẽ ene,Eye wònya le kpɔkpɔm abe aʋakɔ siwo ƒo ƒu ɖe woƒe dzesitiwo gbɔ ene?’”+ 11  “Meyi ɖe azitibɔ me+Be makpɔ ati fẽ siwo le balia me ɖa,Ne makpɔe ɖa be wainkawo dze,*Eye yevuboɖawo ƒo se hã. 12  Kaka manya la,Nye dzimedidiwo* na meva do ɖeNye dukɔ la ƒe bubumewo* ƒe tasiaɖamwo gbɔ.” 13  “Trɔ va, trɔ va! Oo Sulam ɖetugbui, Trɔ va, trɔ vaVa ne míakpɔ wò ɖa!” “Nu ka tae miefɔ ŋku ɖe Sulam ɖetugbuia dzi ale?”+ “Esi wòle abe hatsotso eve ƒe ɣeɖuɖu ene* tae!”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Du Nyo la.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Vi dzadzɛ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “de kɔ to.”
Alo, “do loto.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “Nye dukɔ si tsɔa eɖokui nana faa.”
Alo, “abe Mahanaim ɣeɖuɖu ene.”