Hawo Ƒe Ha 7:1-13

  • Fia la (1-9a)

    • ‘Oo, nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe vavã’ (6)

  • Ðetugbui la (9b-13)

    • “Nye lɔlɔ̃tɔ la tɔe menye, eye nye nu lé dzi nɛ vevie” (10)

7  “Oo, vinyɔnu bubume,Wò afɔkpawo dze afɔ na wò loo! Wò ata toɖoawo le abe atsyɔ̃ɖonuSi aɖaŋudɔwɔla wɔ ene.   Wò agbɔgbɔ le abe agba goboe ene. Wain si wotɔtɔ la megavɔ le eme o. Wò ƒodo le abe lu si woli kɔe,Si dzogbenya ƒo xlãe la ene.   Wò nowo le abe sãdevi eve,+Siwo nye venɔviwo ene.   Wò kɔ+ le abe nyiɖuxɔ tsrala ene.+ Wò ŋkuwo+ le abe Hesbon-ta,+Le Bat-Rabim ƒe agbo nu ene. Wò ŋɔti le abe Lebanon ƒe xɔ tsralaSi dze ŋgɔ Damasko ene.   Wò ta si le nuwò le abe Karmel ene,+Eye wò taɖa*+ le abe aɖabɛ dzĩtɔ ene.+ Wò ɖa legbee kpɔyɔawo lé dzi na* fia la.   Oo, nye dzi lɔlɔ̃a, ènya le kpɔkpɔm loo! Èdze tugbe vavã!ȃo nu lédzinamewo katã ta!   Wò dzedzeme le abe deti ene,Eye wò nowo le abe ayedetawo ene.+   Mebe, ‘Made deti la dziNe malé eƒe tsetseawo.’ Wò nowo nenɔ abe wainkpowo ene,Wò gbɔgbɔ neʋẽ lilili abe atɔtɔŋutiwo ene,   Eye wò nu me nenɔ abe wain nyuitɔ ene.” “Na wain la nayi wɔli na nye lɔlɔ̃tɔ la,Eye wòasi blewu ato alɔ̃dɔlawo ƒe nuyiwo dzi. 10  Nye lɔlɔ̃tɔ la tɔe menye,+Eye nye nu lé dzi nɛ vevie. 11  Oo nye lɔlɔ̃tɔ, va,Na míado ayi gbe me;Na míanɔ henaseƒoƒowo me.+ 12  Na míafɔ ŋdi kanya ayi waingbleawo me,Ne míakpɔe ɖa be wainkawo dze,*Seƒoƒoawo ke,+Eye yevuboɖatiwo ƒo se hã.+ Afi mae maɖe nye lɔlɔ̃ afia wò le.+ 13  Gbowo+ le ʋeʋẽm lilili,Eye atikutsetse nyuitɔ vovovowo katã le míaƒe ʋɔtru nu.+ Oo, nye lɔlɔ̃tɔ, medzra wo ɖo ɖi na wò,Yeyeawo kple xoxoawo siaa!

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “de ga nu na.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò ta.”
Alo, “do loto.”