Hawo Ƒe Ha 8:1-14

  • Ðetugbui la (1-4)

    • ‘Ne ɖe nànɔ nam abe nɔvinyeŋutsu ene ɖe’ (1)

  • Ðetugbuia nɔviŋutsuwo (5a)

    • ‘Nyɔnu kae nye esi ziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu?’

  • Ðetugbui la (5b-7)

    • “Lɔlɔ̃ nu sẽ abe ku ene” (6)

  • Ðetugbuia nɔviŋutsuwo (8, 9)

    • “Ne glie wònye la, . . . ke ne ʋɔtru wònye la, . . .” (9)

  • Ðetugbui la (10-12)

    • “Glie menye” (10)

  • Alẽkplɔla la (13)

    • ‘Na mase wò gbe’

  • Ðetugbui la (14)

    • ‘Wò afɔ netsɔ abe sãde ene’

8  “Ne ɖe nànɔ nam abe nɔvinyeŋutsuSi no danye ƒe no ene ɖe! Anye ne mekpɔ wò le ablɔ me la, magbugbɔ nu na wò,+Eye ame aɖeke mado vlom o.   Anye ne makplɔ wò,Makplɔ wò ayi danye ƒe me,+Ayi danye si fia num la ƒe me. Mana wain si me wode gbe ʋeʋĩ la wò,Mana yevuboɖametsi vivi wò nàno.   Atsɔ eƒe miasi ade nye ta te,Eye wòatsɔ eƒe nuɖusi akplam.+   Oo Yerusalem vinyɔnuwo, mika atam nam be: Yewomanyɔ lɔlɔ̃ ɖe menye alo aʋuʋui o, va se ɖe esime wòadze eya ŋutɔ ŋu hafi.”+   “Nyɔnu kae nye ekem tso gbedzi gbɔnaHeziɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃tɔ ŋu?” “Atɔtɔŋutiti tee menyɔ wò le. Afi mae dawò lé wò ku le. Afi mae dawò lé ku dzi wò le.   Tsɔm wɔ ŋkɔsigɛ de wò dzi ŋu,Kple ŋkɔsigɛ de wò asi,Elabena lɔlɔ̃ nu sẽ abe ku ene,+Eye ŋuʋaʋã* menaa ta o abe Tsiẽƒe* ene. Ebina abe dzo ene, Yah* ƒe dzoƒaɖe.+   Tsi geɖe mate ŋu atsi lɔlɔ̃ o,+Eye tɔsisiwo gɔ̃ hã mate ŋu akplɔe dzoe o.+ Ne ame aɖe be yeatsɔ yeƒe aƒemekesinɔnuwo katã ana ɖe lɔlɔ̃ ta la,Ðeko woaɖe alɔme le eŋu.”   “Nɔvinyɔnu sue aɖe le mía si,+Si mekpɔ te no haɖe o. Nu kae míawɔ na mía nɔvinyɔnuaLe gbe si gbe woabia eta?”   “Ne glie wònye la,Míatɔ klosalokpɔ atsɔ aɖo atsyɔ̃ ɖe edzi,Ke ne ʋɔtru wònye la,Míatsɔ sederʋuƒowo aklãe.” 10  “Glie menye,Eye nye nowo le abe xɔ tsralawo ene. Ale meva le abe nyɔnuSi kpɔ ŋutifafa ene le eŋkume. 11  Waingble aɖe le Salomo si+ le Baal-Hamon. Etsɔ waingble la de asi na agbledzikpɔlawo. Wo dometɔ ɖe sia ɖe tsɔa klosalo akpe ɖeka vanɛ ɖe eƒe tsetsewo ta. 12  Nye waingble si nye tɔnye la li nam. Oo Salomo, klosalo akpe ɖeka nye tɔwò,Eye alafa eve nye eƒe tsetsewo dzi kpɔlawo tɔ.” 13  “Oo, wò, ame si nɔa abɔwo me,+Xɔlɔ̃wo ƒu to anyi ɖe wò gbe ŋu! Na masee.”+ 14  “Nye lɔlɔ̃tɔ, ƒu du,Wò afɔ netsɔ abe sãde+ Alo ziviLe gbe ʋeʋĩ towo dzi ene.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
“Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie.
Alo, “ɖokuitsɔtsɔna blibo.”