Amos 1:1-15

  • Amos xɔ gbedeasi tso Yehowa gbɔ (1, 2)

  • Aglãdzedze enuenu ŋuti ʋɔnudɔdrɔ̃ (3-15)

1  Esiae nye Amos,* si nye alẽkplɔlawo dometɔ ɖeka le Tekoa+ la, ƒe ŋutega si wòkpɔ ku ɖe Israel ŋu ƒe eve do ŋgɔ na anyigbaʋuʋu+ la, le Yuda-fia Uziya+ ŋɔli, kple Israel-fia Yeroboam,+ si nye Yoas+ vi ŋɔli la, me nyawo.  Egblɔ be: “Yehowa aɖe gbe tso Zion,Eye wòana eƒe gbe naɖi tso Yerusalem. Lãkplɔviwo ƒe lãnyiƒewo axa nu,Eye Karmel tame aƒu.”+   “Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘“Le Damasko ƒe aglãdzenuwɔna* etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena wohe galuƒotasiaɖam to Gilead dzi.+   Eya ta maɖo dzo ɖe Hazael ƒe me,+Ne wòafiã Ben-Hadad ƒe mɔ́ sesẽwo.+   Maŋe Damasko ƒe gametiwo;+Matsrɔ̃ Bikat-Aven nɔlawo,Eye matsrɔ̃ ame si le dzi ɖum* le Bet-Eden;Eye woaɖe aboyo Siria dukɔ la ayi Kir,”+ Yehowa ye gblɔe.’   Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘“Le Gaza+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena woɖe aboyo ha blibo la+ hekplɔe yi ɖade asi na Edom.   Eya ta maɖo dzo ɖe Gaza+ ƒe gliwo dzi,Ne wòafiã eƒe mɔ́ sesẽwo.   Matsrɔ̃ Asdod nɔlawo,+Eye matsrɔ̃ ame si le dzi ɖum* le Askelon;+Matrɔ nye asi ɖe Ekron ŋu,+Eye Filistitɔwo ƒe ame susɔeawo nu ayi,”+ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.’   Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘Le Tiro+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena wotsɔ aboyomewo ƒe ha blibo la de asi na Edom,Eye womeɖo ŋku nɔviwo dome nubabla la dzi o.+ 10  Eya ta maɖo dzo ɖe Tiro ƒe gliwo dzi,Ne wòafiã eƒe mɔ́ sesẽwo.’+ 11  Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘Le Edom+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena eɖe eya ŋutɔ nɔvia ɖe nu kple yi,+Egbe nublanuikpɔkpɔ,Ele wo vuvu dzi ɖaa le dɔmedzoe me;Eye wòlé wo ɖe dɔme ɖikaa.+ 12  Eya ta maɖo dzo ɖe Teman,+Ne wòafiã Bozra ƒe mɔ́ sesẽwo.’+ 13  Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘“Le Amonitɔwo+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena wodze ƒo le Gilead-funɔwo nu, ne woakeke woƒe anyigba ɖe enu.+ 14  Eya ta maɖo dzo ɖe Raba ƒe gliwo dzi,+Ne wòafiã eƒe mɔ́ sesẽwo,Ne aʋaɣli ɖi le aʋakpegbe,Eye ya ƒo ʋuduʋudu le ahomtugbe. 15  Woƒe fia kple eƒe amegãwo siaa ayi aboyo me,”+ Yehowa ye gblɔe.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmee nye, “Agba” alo “Tsɔ Agba.”
Alo, “nu vlo wɔwɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si si fiatikplɔ le.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si si fiatikplɔ le.”