Amos 2:1-16

  • Aglãdzedze enuenu ŋuti ʋɔnudɔdrɔ̃ (1-16)

2  “Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘“Le Moab+ ƒe aglãdzenuwɔna* etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena etsɔ Edom-fiawo ƒe ƒuwo mè akaloe.   Eya ta maɖo dzo ɖe Moab,Ne wòafiã Keriot ƒe mɔ́ sesẽwo;+Moab aku le zitɔtɔ me,Ne aʋaɣli ɖi, eye kpẽ ɖi.+   Maɖe dziɖula* la ɖa le eme,Eye mawu eya kple eƒe amegãwo katã,”+ Yehowa ye gblɔe.’   Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘Le Yuda+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena wogbe Yehowa ƒe se* la,Eye womelé eƒe ɖoɖowo me ɖe asi o;+Ke boŋ alakpa siwo yome wo tɔgbuiwo dze la kplɔ wo trae.+   Eya ta maɖo dzo ɖe Yuda,Ne wòafiã Yerusalem ƒe mɔ́ sesẽwo.’+   Ale Yehowa gblɔe nye esi:‘Le Israel+ ƒe aglãdzenuwɔna etɔ̃ kple eneawo ta la, nyemagbugbɔ nye asi ɖe megbe o,Elabena wotsɔ ame dzɔdzɔe dzra ɖe klosalo ta,Eye wotsɔ ame dahe dzra ɖe afɔkpa dodo ɖeka ta.+   Wotea ame dahewo ƒe ta ɖe to,+Eye woxea mɔ na ame tsɛwo.+ Ame kple fofoa de ɖetugbui ɖeka gbɔ,Ne woaƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔe la.   Wodra ɖe avɔ siwo woxɔ awɔbae+ la dzi le vɔsamlekpui+ ɖe sia ɖe gbɔ;Eye wonoa agɔdzeha si woxɔ le amewo si le woƒe mawuwo ƒe me.’*   ‘Evɔ nyee tsrɔ̃ Amoritɔ la,+Si kɔ abe sederti ene, eye wòsesẽ abe logoti ene la gbidigbidi le wo ta hafi;Metsrɔ̃ eƒe tsetse le dzi kple eƒe ke le to me.+ 10  Mekplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi,+Eye mena miezɔ gbea dzi ƒe blaene,+Ne miaxɔ Amoritɔ la ƒe anyigba wòazu mia tɔ. 11  Eye meɖo mia viŋutsu aɖewo nyagblɔɖilawo+Kple miaƒe ɖekakpui aɖewo Naziritɔwoe.+ Oo Israel-viwo, menye alea wòle oa?’ Yehowa ye gblɔe. 12  ‘Ke mienaa wain Naziritɔwo be woano,+Eye miede se na nyagblɔɖilawo be: “Migagblɔ nya ɖi o.”+ 13  Eya ta magbã mi gudugudu ɖe mia nɔƒe,Abe ale si tasiaɖam si wodo nukugba na gbãa nu le ete gudugudui ene. 14  Ame ɖeablɛ makpɔ afi aɖeke asi ayi o,+Ŋusẽ avɔ le ŋusẽtɔ ŋu,Eye aʋawɔla maɖe eƒe agbe* o. 15  Aŋutrɔdala manɔ te o,Afɔ ɖeablɛtɔ masi o,Eye sɔdola maɖe eƒe agbe* o. 16  Eye ame si ƒo dzi le le aʋawɔlawo dome gɔ̃ hãAsi amamae gbe ma gbe,’+ Yehowa ye gblɔe.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nu vlo wɔwɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ʋɔnudrɔ̃la.”
Alo, “nufiafia.”
Alo, “trɔ̃xɔ me.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”