Amos 4:1-13

  • Gbedeasi si ku ɖe Basan nyinɔwo ŋu (1-3)

  • Yehowa ɖu fewu le Israel ƒe alakpasubɔsubɔ ŋu (4, 5)

  • Israel gbe tɔtrɔ (6-13)

    • “Dzra ɖo nàɖakpe kple wò Mawu” (12)

    • ‘Mawu gblɔa Eƒe susuwo na amegbetɔwo’ (13)

4  “Mise nya sia, mi Basan nyinɔSiwo le Samaria-to dzi,+Mi nyɔnu siwo le ame tsɛwo tafam+ hele ame dahewo gbãm gudugudu,Siwo le gbɔgblɔm na mia srɔ̃ŋutsuwo* be: ‘Midi nane vɛ míano!’   Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa tà eƒe kɔkɔenyenye be:‘“Kpɔ ɖa! Ŋkekewo li gbɔna na mi, esime woatsɔ lãtsolawo ƒe ga gɔdɔ̃ewo akɔ mi ɖe dzi,Eye woatsɔ ƒu akɔ miaƒe ame susɔewo ɖe dzi.   Miato gli ƒe gbagbãƒewo adzo, eye ame sia ame akpɔ eŋgɔ tẽe;Woatsɔ mi aƒu gbe ɖe Harmon,” Yehowa ye gblɔe.’   ‘Miva Betel, ne miawɔ nu tovo,*+Miva Gilgal, ne miawɔ nu tovo geɖe wu!+ Mitsɔ miaƒe vɔsawo+ vɛ le ŋdi,Kple miaƒe nu ewoliawo+ vɛ le ŋkeke etɔ̃a gbe.   Mitsɔ abolo ʋaʋã do dzudzɔ wòanye akpedavɔsa;+Miɖe gbeƒã lɔlɔ̃nu faa nunanawo sesĩe; Elabena aleae mielɔ̃a wɔwɔ, Oo Israel-viwo,’ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe.   ‘Mena miaƒe aɖuwo fu tititi le dɔwuame ta* le miaƒe duwo katã me,Eye mena abolokoe wɔ mi le miaƒe aƒewo katã me;+Ke mietrɔ va gbɔnye o,’+ Yehowa ye gblɔe.   “‘Mete tsidzadza mi esi wòsusɔ ɣleti etɔ̃ ne nuŋeɣi naɖo;+Mena tsi dzana le du ɖeka me, ke medzana le du evelia me o. Tsi dza ɖe agble ɖeka me,Ke agble si me nyemena tsi dza ɖo o la me ƒu kplakplakpla.   Du eve alo etɔ̃ me tɔwo mu ya sagasaga yi du ɖeka gbɔ, be yewoano tsi,+Ke womeɖia kɔ o;Gake mietrɔ va gbɔnye o,’+ Yehowa ye gblɔe.   “Mena ŋdɔ sesẽ ɖu miaƒe nukuwo wofiã eye mena wodze heteku.+ Miedzi miaƒe abɔwo kple miaƒe waingblewo ɖe edzi,Ke ʋetsuviwo ɖu miaƒe gbotiwo kple miaƒe amitiwo;+Gake mietrɔ va gbɔnye o,’+ Yehowa ye gblɔe. 10  ‘Meɖo dɔvɔ̃ ɖe mia dome abe esi va Egipte dzi ene.+ Metsɔ yi wu miaƒe ɖekakpuiwo,+ eye meha miaƒe sɔwo.+ Mena miaƒe asaɖawo me ƒe ʋeʋẽ kũu ɖo ŋɔti me na mi;+Gake mietrɔ va gbɔnye o,’ Yehowa ye gblɔe. 11  ‘Metrɔ mi bu anyi,Abe ale si metrɔ Sodom kple Gomora bu anyi ene.+ Eye mienɔ abe atikpo si woɖe tso dzo me ene;Gake mietrɔ va gbɔnye o,’ +Yehowa ye gblɔe. 12  Eya ta Israel, aleae mawɔ wòe. Esi wònye aleae mawɔ wòe ta la,Israel, dzra ɖo nàɖakpe kple wò Mawu. 13  Elabena eyae nye Ame si mè towo,+ eye wòwɔ ya;+Ame si ɖea Eƒe susuwo fiaa amegbetɔwo,Ame si nana agudzedze zua viviti,+Eye wòzɔa anyigba ƒe kɔkɔƒewo;+Eŋkɔe nye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “miaƒe aƒetɔwo.”
Alo, “ne miadze aglã.”
Alo, “le esi nyemena nuɖuɖu mi o ta.”