Amos 5:1-27

  • Israel le abe ɖetugbui si dze anyi ene (1-3)

  • Midi Mawu ne mianɔ agbe (4-17)

    • Tsri vɔ̃ eye nàlɔ̃ nyui (15)

  • Vivitidogbee Yehowa ƒe ŋkeke la nye (18-27)

    • Wogbe Israel ƒe vɔsawo (22)

5  “Oo Israel ƒe aƒe, miɖo to miase konyifaha si dzi ge mala ɖe mia ŋu:   ‘Israel, si nye ɖetugbui la, dze anyi;Magate ŋu afɔ o. Wogblẽe ɖi ɖe eya ŋutɔ ƒe anyigba dzi;Ame aɖeke meli afɔe ɖe tsitrenu o.’  “Elabena ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi:‘Du si tsɔa ame akpe ɖeka hoa aʋa tsã la ƒe ame alafa ɖeka koe asusɔ;Eye esi tsɔa ame alafa ɖeka hona tsã la ƒe ame ewo koe asusɔ na Israel ƒe aƒe la.’+  “Elabena ale Yehowa gblɔ na Israel ƒe aƒe lae nye esi: ‘Midim, ne mianɔ agbe.+   Migabia Betel ta se o,+Migava Gilgal o,+ eye migatso eme yi Beer-Seba o+Elabena Gilgal ayi aboyo me godoo,+Eye Betel hã atsrɔ̃.*   Midi Yehowa, ne mianɔ agbe,+Ne wòagado abe dzo ene ɖe Yosef ƒe aƒe la ŋu,Afiã Betel, eye ame aɖeke manɔ anyi atsii o.   Mietrɔ nya dzɔdzɔe wòzu atsa.* Eye mietsɔ dzɔdzɔenyenye ƒu gbe ɖe anyigba.+   Ame si wɔ Kima ɣletivihatsotso* kple Kesil ɣletivihatsotso,*+Ame si trɔa blukɔ tsiɖitsiɖi wòzua ŋdi,Ame si nana ŋkeke doa viviti abe zã ene,+Ame si yɔa atsiaƒumetsiwo yia dzi,Be wòatrɔ wo akɔ ɖe anyigba dzi la,+Eŋkɔe nye Yehowa.   Ahe tsɔtsrɔ̃ ava ame sesẽ la dzi,Ne tsɔtsrɔ̃ nava du sesẽwo hã dzi. 10  ‘Wolé fu ame si kaa mo na ame le dugbo la nu,Eye wonyɔa ŋu ame si toa nyateƒe.+ 11  Esi miexɔa agblefe le ame dahe si,Eye miexɔa eƒe nuku ɖe adzɔ nu ta la,+Miaganɔ xɔ siwo mietsɔ kpe fufuwo tu la me loo,+Alo ano wain tso waingble nyui siwo miede la me o.+ 12  Elabena menya miaƒe aglãdzedzewo* ƒe agbɔsɔsɔKple ale si miaƒe nu vɔ̃wo tri akɔe—Mieɖea fu na ame dzɔdzɔe vevie,Miexɔa zãnuEye miedrɔ̃a nya dzɔdzɔe na ame dahe le dugbo la nu o.+ 13  Eya ta nunyala azi ɖoɖoe ɣemaɣi,Elabena xaxaɣi wòanye.+ 14  Midi nyui, menye vɔ̃ o,+Ne mianɔ agbe.+ Ale be Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu nanɔ kpli mi,Abe ale si miawo ŋutɔwo miegblɔnɛ ene+. 15  Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui,+Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le dugbo la nu.+ Ame aɖe menya nu o, Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu,Ave Yosef ƒe ame susɔeawo nu hĩ.’+ 16  “Eya ta ale Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu, Yehowa gblɔe nye esi: ‘Konyifafa anɔ ablɔwo katã me,Eye woanɔ “Alele, Alele!” dom le kpɔdomeewo katã. Woayɔ agbledelawo be woava fa avi,Eye woayɔ konyifala bibiwo woava fa avi.’ 17  ‘Avi aɖi le waingblewo katã me;+Elabena mato dowòme ava yi,’ Yehowa ye gblɔe. 18  ‘Baba na ame siwo dzrom Yehowa ƒe ŋkeke la le!+ Ke nu kae Yehowa ƒe ŋkeke la anye na mi?+ Anye viviti, menye kekeli o.+ 19  Anɔ abe ale si ame nasi le dzata nu, eye sisiblisi nava do goe ene,Eye esi wòge ɖe eƒe aƒe me hetsɔ asi ɖo gli ŋu la, da ɖui. 20  Ðe menye vivitie Yehowa ƒe ŋkeke la anye, eye menye kekeli oa;Ðe mado blukɔ, eye eme makɔ oa? 21  Melé fu miaƒe ŋkekenyuiwo, eye wonyɔ ŋu nam,+Eye miaƒe takpekpe tɔxɛwo maʋẽ ɖem lilili o. 22  Ne miesa numevɔ blibowo kple nunavɔwo nam gɔ̃ hã la,Madze ŋunye o;+Eye miaƒe ŋutifafavɔ siwo miatsɔ miaƒe lã damiwo asa la madze ŋunye o.+ 23  Te wò hadzidziwo ƒe toɣliɖeɖe ɖa le gbɔnye;Nyemedi wò kasaŋkuƒoƒo viviwo mase o.+ 24  Nya dzɔdzɔe nesi abe tsi ene,+Eye dzɔdzɔenyenye nesi abe tɔ si nɔa sisim ɖaa ene. 25  Oo Israel ƒe aƒe, ɖe mietsɔ vɔsawo kple nunavɔsawo vɛ namLe gbea dzi le ƒe blaeneawo mea?+ 26  Miakɔ miaƒe fia Sakut kple Kaiwan,*Miaƒe ɣletivimawu ƒe nɔnɔme si miewɔ na mia ɖokuiwo la adzoe, 27  Eye mana woaɖe aboyo mi agbɔ Damasko+ ŋu ʋĩi ayi,’ ame si ŋkɔe nye Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu ye gblɔe.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “Betel azu vivimenu.”
Alo, “veve.”
Anye ɣletivihatsotso siae woyɔna le Eʋegbe me be Avu Kple Avutɔ.
Anye ɣletivihatsotso siae woyɔna le Eʋegbe me be Atifieŋu.
Alo, “nu vlo wɔwɔwo.”
Trɔ̃ eve siawo ate ŋu anye Saturn si wosubɔna abe mawu ene.