Amos 7:1-17

  • Ŋutega siwo ɖee fia be Israel ƒe nuwuwu tu aƒe (1-9)

    • Ʋetsuviwo (1-3), dzo (4-6), tsumikpe (7-9)

  • Wogblɔ na Amos be wòadzudzɔ nyagbɔgblɔɖi (10-17)

7  Nu si Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa na mekpɔe nye esi: Kpɔ ɖa! Edɔ ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ɖa, esime nuku megbetɔwo de asi miemie me.* Kpɔ ɖa, nuku siwo woƒã esime woya gbe na fia la vɔ megbee.  Esi ʋetsuviwo ƒe ha la ɖu anyigbadzinu miemiewo vɔ keŋkeŋ la, megblɔ be: “Oo Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, meɖe kuku, tsɔe ke dzro!+ Aleke Yakob awɔ anɔ te?* Elabena ŋusẽ mele eŋu o!”+  Ale Yehowa trɔ susu.*+ Eye Yehowa gblɔ be: “Madzɔ o.”  Nu si Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa na mekpɔe nye esi: Kpɔ ɖa! Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa yɔ dzo vɛ, be wòatsɔ ahe toe. Dzo la bi heno tsi goglowo eye wòfiã anyigba la ƒe akpa aɖe.  Eye megblɔ be: “Oo Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa, meɖe kuku, mègawɔe o.+ Aleke Yakob awɔ anɔ te?* Elabena ŋusẽ mele eŋu o!”+  Ale Yehowa trɔ susu.*+ Eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔ be: “Esia hã madzɔ o.”  Nu si wòna megakpɔe nye esi: Kpɔ ɖa! Yehowa le tsitre ɖe gli si wotsɔ tsumikpe* dzidzee la dzi, eye wòlé tsumikpe ɖe asi.  Eye Yehowa gblɔ nam be: “Amos, nu ka kpɔm nèle?” Eye meɖo eŋu be: “Tsumikpee.” Eye Yehowa gagblɔ be: “Kpɔ ɖa, mada tsumikpe ɖe nye dukɔ Israel dome. Nyemagatsɔe akee azɔ o.+  Isak ƒe nuxeƒewo+ azu gbegbe, eye Israel ƒe kɔkɔeƒewo azu aƒedo;+ matsɔ yi aho ɖe Yeroboam ƒe aƒe la ŋu.”+ 10  Amaziya, si nye nunɔla le Betel,+ dɔ ame ɖo ɖe Israel-fia Yeroboam,+ ne woagblɔ nɛ be: “Amos ɖo nugbe ɖe ŋuwò le Israel ƒe aƒe la dome.+ Anyigba la mate ŋu ado dzi atsɔ eƒe nyawo katã o.+ 11  Elabena ale Amos gblɔe nye esi: ‘Yeroboam atsi yi nu, eye woaɖe aboyo Israel tso eƒe anyigba dzi kokoko.’”+ 12  Eye Amaziya gblɔ na Amos be: “Oo ŋutegakpɔla, dzo, si nàyi Yuda-nyigba dzi, ne nàɖu wò abolo* le afi ma, eye nàgblɔ nya ɖi le afi ma.+ 13  Ke mègagblɔ nya ɖi le Betel azɔ o,+ elabena fia ƒe kɔkɔeƒee,+ eye wònye fiaɖuƒe la nɔƒe.” 14  Eye Amos ɖo eŋu na Amaziya be: “Menye nyagblɔɖilae menye tsã o, eye menye nyagblɔɖila ƒe vi hãe menye o; ke boŋ lãkplɔvi+ kple gbotigble dzi kpɔla* menye. 15  Ke Yehowa ɖem le lãhawo yome, eye Yehowa gblɔ nam be: ‘Yi ɖagblɔ nya ɖi na nye dukɔ Israel.’+ 16  Azɔ se Yehowa ƒe nya: ‘Ègblɔ be, “Mègagblɔ nya ɖi ɖe Israel ŋu o,+ eye mègagblɔ nya+ aɖeke tsi tsitre ɖe Isak ƒe aƒe la ŋu o.” 17  Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Srɔ̃wò azu gbolo le dua me, eye viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo atsi yi nu. Woatsɔ dzidzeka ama wò anyigba, eye wò ŋutɔ àku ɖe anyigba makɔmakɔ dzi; eye woaɖe aboyo Israel tso eƒe anyigba dzi godoo.”’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia be woċ wo le Dzove kple Dzodze me.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “awɔ atso?”
Alo, “Ale wòve Yehowa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “awɔ atso?”
Alo, “Ale wòve Yehowa.”
Alo, “glidzidzeka.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nàɖu abolo.”
Alo, “gbotsetseŋɔla.”