Amos 8:1-14

  • Dzomeŋɔlikutsetse kusi ƒe ŋutega la (1-3)

  • Wobu fɔ ameteɖeanyilawo (4-14)

    • Gbɔgbɔmedɔwuame (11)

8  Nu si Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa na mekpɔe nye esi: Mekpɔ dzomeŋɔlikutsetse kusi ɖeka.  Eye wògblɔ be, “Amos, nu ka kpɔm nèle?” Eye meɖo eŋu be, “Kusi si yɔ kple dzomeŋɔlikutsetsewo.” Eye Yehowa gblɔ nam be: “Nye dukɔ Israel ƒe nuwuwu ɖo. Nyemagatsɔe ake wo azɔ o.+  ‘Gbedoxɔmehadzidziwo atrɔ azu konyifafa gbe ma gbe,’+ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe. ‘Woatsɔ ame kukuwo aƒu gbe ɖe afi sia afi+—ɖoɖoe azi toŋ!’   Misee, mi ame siwo fanyaa ame dahewo,Ame siwo nana ame fafawo nu yina le anyigba la dzi,+   Ame siwo le gbɔgblɔm be: ‘Ɣekaɣi dzinu yeye nu le yiyi ge,+ ne míadzra míaƒe agblemenukuwo,Eye ɣekaɣie Sabat nu le yiyi ge,+ ne míadzra agblemenuku? Ne míatò efa* nudzidzenu ɖe eme wòanɔ sue,Ne míadzi sekel* ɖe edziEye míaŋe nudanu ɖe eme atsɔ aba amee;+   Ne míaƒle hiãtɔ ɖe klosalo nu,Kple ame dahe ɖe afɔkpa dodo ɖeka ƒe asi nu,+Eye míadzra nuku manyomanyo na amewo?’   Yehowa tà Yakob ƒe Dàda be:+‘Nyemaŋlɔ woƒe nuwɔnawo be akpɔ gbeɖe o.+   Menye esia tae anyigba la adzo kpekpekpe,Eye edzinɔlawo katã axa nu,+ Anyigba la aɖɔ abe Nil ene,Eye wòadze agbo ahadze eme abe Egipte ƒe Nil ene oa?’+   Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be,‘Le ŋkeke ma dzi la, mana ɣe naɖo to le ŋdɔkutsu dzatsɛ,Eye mana viviti nado ɖe anyigba la dzi le ŋkeke me.+ 10  Matrɔ miaƒe ŋkekenyuiwo woazu nuxaxa,+Kple miaƒe hadzidziwo katã woazu konyifahawo. Mana amewo katã nasa akpanya ɖe ali, eye tawo katã abebe;Mana wòanɔ abe ale si woxaa nu le tenuvi ta ene,Eye eƒe nuwuwu anɔ abe ŋkeke vɔ̃ ene.’ 11  ‘Kpɔ ɖa! ŋkekewo li gbɔna,’ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ye gblɔe,‘Esime maɖo dɔwuame ɖe anyigba la dzi,Ke menye abolodɔ alo tsikɔwuame ɖe tsi ŋu o,Ke boŋ ɖe Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.+ 12  Woanɔ ya mum tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu,Tso dziehe yi ɣedzeƒe. Woanɔ tsatsam anɔ Yehowa ƒe nya dim, ke womakpɔe o. 13  Gbe ma gbe la, ɖetugbui dzetugbeewoKple ɖekakpuiwo aku ƒenyi le tsikɔwuame ta; 14  Ame siwo tàa Samaria+ ƒe legbawo,* eye wogblɔna be,“Oo Dan,+ zi ale si wò mawu le agbe! Eye zi ale si Beer-Seba+ ƒe mɔ li!” la, Woadze anyi, eye womagafɔ o.’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Samaria ƒe fɔɖiɖi.”