Ezra 10:1-44

  • Wobla nu be yewoaɖe yewo ɖokui ɖa tso dutanyɔnuawo ŋu (1-14)

  • Woɖe asi le dutanyɔnuawo ŋu (15-44)

10  Esi Ezra nɔ gbea dom ɖa,+ eye wònɔ eɖokui me ʋum, nɔ avi fam hetsyɔ akɔ anyi ɖe Mawu vavã la ƒe aƒe la ŋgɔ la, Israel-viwo ƒe ha gã aɖe, si me tɔwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo, va ƒo ƒu ɖe egbɔ, eye dukɔ la nɔ avi fam vevie.  Eye Sekaniya, Yehiel+ vi, si tso Elam+ viwo dome gblɔ na Ezra be: “Míawo la, míewɔ nuteƒe na mía Mawu la o, elabena míeɖe dutanyɔnuwo* tso anyigba la dzi dukɔwo dome.+ Gake mɔkpɔkpɔ gali na Israel le esia ŋuti.  Azɔ mina míabla nu kple mía Mawu la,+ ne míaɖe nyɔnuawo katã kple vi siwo wodzi la ɖa, le Yehowa kple ame siwo dea bubu* mía Mawu ƒe sedede la ŋu la ƒe mɔfiafia nu.+ Mina míawɔ ɖe Sea dzi.  Tso, elabena wò dɔdeasie, eye míele megbe na wò. Sẽ ŋu, eye nàwɔe.”  Ale Ezra tso, eye wòna tatɔ, siwo tso nunɔla Lewi viwo kple Israel blibo la katã dome la ka atam be yewoawɔ ɖe nya sia dzi.+ Ale woka atam.  Azɔ Ezra tso le Mawu vavã la ƒe aƒe la ŋgɔ, eye wòyi Yehohanan, Eliyasib vi, ƒe xɔ* me. Esi wòyi afi ma la, meɖu nu alo no tsi hã o, elabena ele nu xam le aboyomeawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ la ŋuti.+  Azɔ wona woɖe gbeƒã le Yuda kple Yerusalem blibo la be aboyomeawo katã nava ƒo ƒu ɖe Yerusalem;  eye ame si mava le ŋkeke etɔ̃ me abe ale si amegãwo kple ametsitsiawo ɖoe ene o la, woaɖo asi eƒe nunɔamesiwo katã dzi, eye woaɖe eya ŋutɔ ɖa le aboyomeawo ƒe ha la me.+  Eya ta Yuda kple Benyamin ŋutsuwo katã va ƒo ƒu ɖe Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ me le ɣleti asiekelia ƒe ŋkeke blaevelia dzi. Dukɔ blibo la katã bɔbɔ nɔ Mawu vavã la ƒe aƒe la ƒe xɔxɔnu, eye wole ƒoƒom kpakpakpa le nya si do mo ɖa kple tsidzadza gã la ta. 10  Eye nunɔla Ezra tso hegblɔ na wo be: “Miewɔ nuteƒe o, elabena mieɖe dutanyɔnuwo,+ eye miena Israel ƒe fɔɖiɖi dzi ɖe edzi. 11  Azɔ miʋu mia ɖokuiwo me na Yehowa, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu la, eye miwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Miɖe mia ɖokuiwo ɖa tso anyigba la dzi dukɔwo kple dutanyɔnu siawo ŋu.”+ 12  Eye ha blibo la katã gblɔ kple gbe sesẽ be: “Míelɔ̃ be míawɔ nya si nègblɔ la dzi pɛpɛpɛ. 13  Ke hã dukɔ la sɔ gbɔ, eye wònye tsidzaɣi. Manya wɔ be woatɔ ɖe xexe o, eye menye ŋkeke ɖeka alo eve ƒe dɔe o, elabena míaƒe aglãdzedzea nu sẽ ŋutɔ le nya sia me. 14  Eya ta míeɖe kuku, mina míaƒe amegãwo nanɔ ha blibo la teƒe;+ eye ame siwo katã le míaƒe duwo me, siwo ɖe dutanyɔnuwo la nava le ɣeyiɣi ɖoɖiawo dzi, eye du sia du ƒe ametsitsiwo kple eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo nava kpli wo, va se ɖe esime míana mía Mawu ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ si wòdo ɖe mía ŋu la nu nafa le nya sia me.” 15  Gake Yonatan, Asahel vi kple Yahzeya, Tikva vi, tsi tsitre ɖe nya sia ŋu; eye Mesulam kple Sabetai,+ siwo nye Lewi viwo de wo dzi. 16  Ke aboyometsolawo wɔ nu si dzi woda asi ɖo; eye nunɔla Ezra kple tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔawo nu siwo katã ƒe ŋkɔwo woyɔ ɖekaɖeka la, ɖeɖe va ƒo ƒu le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi ne woagalé ŋku ɖe nya la ŋu; 17  eye kaka ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ naɖo la, wokpɔ ŋutsu siwo katã ɖe dutanyɔnuwo ƒe nya la gbɔ vɔ. 18  Eye wokpɔ be nunɔlawo ƒe vi aɖewo hã ɖe dutanyɔnuwo:+ ame siwo tso Yesua,+ Yehozadak vi, ƒe viwo kple nɔviawo domee nye Maaseya, Eliezer, Yarib kple Gedaliya. 19  Gake wodo ŋugbe* be yewoaɖe asi le yewo srɔ̃wo ŋu, eye esi yewoɖi fɔ ta la, yewoana agbo ɖeka ɖe yewoƒe fɔɖiɖi la ta.+ 20  Ame siwo tso Imer+ viwo domee nye Hanani kple Zebadiya; 21  ame siwo tso Harim+ viwo domee nye Maaseya, Eliya, Semaya, Yehiel kple Uziya; 22  ame siwo tso Pashur+ viwo domee nye Elioenai, Maaseya, Ismael, Netanel, Yozabad kple Eleasa. 23  Ame siwo tso Lewi viwo domee nye Yozabad, Simei kple Kelaya (si wogayɔna be Kelita), Petahiya, Yuda kple Eliezer; 24  ame si tso hadzilawo domee nye Eliyasib; ame siwo tso agbonudzɔlawo domee nye Salum, Telem kple Uri. 25  Ame siwo tso Paros+ viwo dome le Israel ye nye Ramiya, Yiziya, Malkiya, Miyamin, Eleazar, Malkiya kple Benaya; 26  ame siwo tso Elam+ viwo domee nye Mataniya, Zakariya, Yehiel,+ Abdi, Yeremot kple Eliya; 27  ame siwo tso Zatu+ viwo domee nye Elioenai, Eliyasib, Mataniya, Yeremot, Zabad kple Aziza; 28  ame siwo tso Bebai+ viwo domee nye Yehohanan, Hananiya, Zabai, kple Atlai; 29  ame siwo tso Bani viwo domee nye Mesulam, Maluk, Adaya, Yasub, Seal kple Yeremot; 30  ame siwo tso Pahat-Moab+ viwo domee nye Adna, Kelal, Benaya, Maaseya, Mataniya, Bezalel, Binui kple Manase; 31  ame siwo tso Harim+ viwo domee nye Eliezer, Yisiya, Malkiya,+ Semaya, Simeon, 32  Benyamin, Maluk kple Semariya; 33  ame siwo tso Hasum+ viwo domee nye Matenai, Matata, Zabad, Elifelet, Yeremai, Manase kple Simei; 34  ame siwo tso Bani viwo domee nye Maadai, Amram, Uel, 35  Benaya, Bedeya, Keluhi, 36  Wania, Meremot, Eliyasib, 37  Mataniya, Matenai kple Yaasu; 38  ame siwo tso Binui viwo domee nye Simei, 39  Selemiya, Natan, Adaya, 40  Maknadbai, Sasai, Sarai, 41  Azarel, Selemiya, Semariya, 42  Salum, Amariya kple Yosef; 43  ame siwo tso Nebo viwo domee nye Yeiel, Matitiya, Zabad, Zebina, Yadai, Yoel kple Benaya. 44  Ame siawo katã ɖe dutanyɔnuwo,+ eye woɖe asi le nyɔnuawo kple wo viwo ŋu.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “míekplɔ dutanyɔnuwo va míaƒe aƒewo me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “siwo vɔ̃a.”
Alo, “nuɖuxɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wona asi wo.”