Ezra 9:1-15

  • Israel ŋutsuwo ɖe srɔ̃ tso dukɔ bubuwo me (1-4)

  • Ezra ƒe nu vɔ̃ me ʋuʋu ƒe gbedodoɖa (5-15)

9  Esi wonya wu nu siawo nu ko la, amegãwo va gblɔ nam be: “Israel dukɔ la kple nunɔlawo kpakple Lewi viwo meɖe wo ɖokuiwo ɖa tso dukɔ siwo le anyigba mawo dzi, siwo nye Kanaantɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo, Amonitɔwo, Moabtɔwo, Egiptetɔwo+ kple Amoritɔwo+ ƒe ŋunyɔnuwo+ ŋu o.  Woawo ŋutɔwo kple wo viŋutsuwo ɖe wo vinyɔnuwo dometɔ aɖewo.+ Eye fifia wo ame siwo nye dzidzime kɔkɔe+ la tsaka kple dukɔ siwo le anyigba mawo dzi.+ Amegãawo kple dziɖulaawo koŋ ye xɔ ŋgɔ le nuteƒemawɔmawɔ sia me.”  Ke esi mese nya sia ko la, medze nye awu kple nye awu ʋlaya,* eye menyɔ nye taɖa kple nye ge ƒe ɖewo, nye nu ku eye mebɔbɔ nɔ anyi ɖi.  Eye ame sia ame si dea bubu* Israel ƒe Mawu la ƒe nyawo ŋu la ƒo ƒu ɖe gbɔnye le aboyomeawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ta, esime nye nu ku mebɔbɔ nɔ anyi ɖi va se ɖe fiẽnuɖuvɔsaɣi.+  Le fiẽnuɖuvɔsaɣi+ la, metso le nye nuxaxa la me, eye nye awu kple nye awu ʋlaya kpɔtɔ le dzedze le ŋunye, eye medze klo heke nye abɔwo me na Yehowa nye Mawu.  Eye megblɔ be: “Oo nye Mawu, ŋu le kpeyem, eye wòte ɖe dzinye be mawu mo dzi na wò, Oo nye Mawu, elabena míaƒe vodadawo dzi ɖe edzi gbɔ mía ta, eye míaƒe fɔɖiɖi la kɔ yi ɖatɔ keke dziƒowo ke.+  Tso mía tɔgbuiwo ŋɔli ke la, fɔɖiɖi gã aɖe le mía dzi va se ɖe egbe sia;+ eye le míaƒe vodadawo ta wotsɔ mía kple míaƒe fiawo kpakple míaƒe nunɔlawo de asi na anyigbadzifiawo, na yi+ kple aboyoɖeɖe,+ na haha+ kple ŋukpedodo, abe ale si wòle egbe sia ene.+  Ke azɔ la, Yehowa mía Mawu, ève mía nu vie, esi nèkpɔtɔ ame aɖewo ɖi na mí, eye nèna dedienɔƒe* mí le wò nɔƒe kɔkɔe la,+ ne míaƒe ŋku dzi nakɔ, Oo mía Mawu, ne agbe vi aɖe nagaɖo mía me le míaƒe kluvinyenye la me.  Elabena togbɔ be kluviwo+ míenye hã la, mía Mawu megblẽ mí ɖi le míaƒe kluvinyenye la me o; ke boŋ eve mía nu le Persia-fiawo+ ŋkume, ne wòana agbe nagaɖo mía me, ne míafɔ mía Mawu ƒe aƒe la ɖe te,+ ne míaɖɔ eƒe gli gbagbãwo ɖo, ne wòana gli* nanɔ mía si le Yuda kple Yerusalem. 10  “Azɔ mía Mawu, nya kae míagblɔ le esia megbe? Elabena míegblẽ wò sededewo ɖi, 11  se siwo nède na mí to wò subɔla nyagblɔɖilawo dzi be: ‘Anyigba si dzi yim miele be miaxɔe wòazu mia tɔ la, anyigba makɔmakɔ wònye le anyigba la dzi dukɔwo ƒe nuwɔna makɔmakɔwo ta, le woƒe ŋunyɔnuwɔwɔ si wotsɔ yɔ edzi tso go ɖeka me va se ɖe go kemɛ me le woƒe makɔmakɔnyenye ta la ŋuti.+ 12  Eya ta migatsɔ mia vinyɔnuwo na wo viŋutsuwo o, eye migaɖe wo vinyɔnuwo na mia viŋutsuwo o;+ migadi woƒe ŋutifafa kple dzidzedze+ gbeɖe o, ne ŋusẽ naɖo mia ŋu, eye miaɖu anyigba la ƒe nu nyuitɔwo, eye miaxɔe na mia viwo wòazu wo tɔ tegbee.’ 13  Eye le nu siwo katã va dzɔ ɖe mía dzi le míaƒe nu tovo wɔwɔwo kple míaƒe fɔɖiɖi gã la ta megbe la—elabena Oo mía Mawu, mèhe to na mí ɖe míaƒe vodadawo nu o,+ eye nèna mí ame siwo le afi sia la kpɔtɔ ɖi+ 14  ɖe míagada wò sededewo dzi ake, eye míana srɔ̃ɖekadodo nanɔ mía kple dukɔ siwo wɔa ŋunyɔnu siawo domea?+ Ðe màdo dziku ɖe mía ŋu ale gbegbe be nàtsrɔ̃ mí keŋkeŋ eye ame aɖeke masusɔ alo atsi agbe oa? 15  Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, wò la èle dzɔdzɔe,+ elabena míawoe nye agbetsila siwo kpɔtɔ ɖi, abe ale si wòle egbe sia ene. Kpɔ ɖa, míele ŋkuwòme le míaƒe fɔɖiɖi la me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe ŋkuwòme le esia ta o.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “awu ʋlaya si ŋu abɔ mele o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “si vɔ̃a.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tsyoti.”
Alo, “ametakpɔgli.”