Hosea 1:1-11

  • Hosea srɔ̃ kple vi siwo wòdzi nɛ (1-9)

    • Yezreel (4), Lo-Ruhama (6), kple Lo-Ami (9)

  • Ðɔɖɔɖo kple ŋutifafa ŋuti mɔkpɔkpɔ (10, 11)

1  Yehowa ƒe gbe va na Hosea,* Beeri vi, le Uziya,+ Yotam,+ Ahaz+ kple Hizkiya,+ siwo nye Yuda-fiawo,+ kple Yeroboam,+ Yoas vi,+ si nye Israel-fia ŋɔli.  Esi Yehowa dze nuƒoƒo gɔme to Hosea dzi la, Yehowa gblɔ na Hosea be: “Heyi nàɖe gbolo, eye wòadzi ahasiviwo na wò, elabena anyigba la wɔ ahasi hetrɔ ɖa le Yehowa yome.”+  Eya ta eyi ɖaɖe Diblayim vinyɔnu Gomer, eye wòfɔ fu dzi ŋutsuvi nɛ.  Eye Yehowa gblɔ nɛ be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Yezreel,* elabena esusɔ vie ko mabia akɔnta Yehu ƒe aƒe+ la ɖe Yezreel ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la ta, eye mana Israel ƒe aƒe la ƒe fiaɖuɖu nu natso.+  Ava eme gbe ma gbe be, maŋe Israel ƒe dati le Yezreel Bali me.”  Eye wògafɔ fu dzi nyɔnuvi. Eye Mawu gblɔ nɛ be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Lo-Ruhama,* elabena nyemagakpɔ nublanui+ na Israel ƒe aƒe la azɔ o, manya wo ɖa godoo.+  Ke makpɔ nublanui na Yuda ƒe aƒe la,+ eye nye Yehowa, woƒe Mawu, maxɔ na wo;+ menye dati alo yi alo aʋawɔwɔ, sɔ alo sɔdolawo dzie mato axɔ na wo o.”+  Esi wòtso no na Lo-Ruhama la, egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi.  Eye Mawu gblɔ be: “Tsɔ ŋkɔ nɛ be Lo-Ami,* elabena menye nye dukɔe mienye o, eye nye hã nyemanye mia Mawu o. 10  “Israel-viwo ƒe xexlẽme anɔ abe ƒutake, si womate ŋu adzidze alo axlẽ o ene.+ Eye afi si wogblɔ na wo le be, ‘Menye nye dukɔe mienye o’+ la, woagblɔ na wo le afi ma be, ‘Mawu gbagbe la ƒe viwo mienye.’+ 11  Woaƒo Yuda viwo kple Israel-viwo nu ƒu ɖekae,+ eye woaɖo tatɔ ɖeka na wo ɖokui aho tso anyigba la dzi, elabena Yezreel ƒe ŋkeke la anye ŋkeke gã aɖe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Hosea nye ŋkɔ Hosaya ŋɔŋlɔ kpuie, si gɔmee nye “Yah Xɔ Nɛ.”
Egɔmee nye, “Mawu Aƒã Nuku.”
Egɔmee nye, “Womekpɔ Nublanui Nɛ O.”
Egɔmee nye, “Menye Nye Dukɔ O.”