Hosea 13:1-16

  • Efrayim trɔ̃subɔla la ŋlɔ Yehowa be (1-16)

    • ‘Oo Ku, afi kae wò ti la le?’ (14)

13  “Ne Efrayim ƒo nu la, amewo dzona nyanyanya,Elabena ame vevi wònye le Israel.+ Gake le Baal+ ta, eɖi fɔ, eye wòku.   Azɔ wogawɔ nu vɔ̃ bubu kpeeEye wotsɔ klosalo wɔ legbawoe;*+Wowɔ legbawo aɖaŋutɔe, wo katã wonye aɖaŋudɔwɔla ƒe asinudɔ. Wole gbɔgblɔm na wo be, ‘Ŋutsu vɔsalawo negbugbɔ nu na nyiviwo.’+   Eya ta woazu abe ŋdililikpo ene,Abe zãmu si nu yina ŋdi kanya ene;Abe tsro si ya kplɔna dzonɛ le nukuƒoƒe ene,Abe dzudzɔ si toa xɔtadowo nu yina ene.   Nyee nye Yehowa wò Mawu tso Egipte-nyigba dzi ke;+Mènya Mawu bubu aɖeke o, negbe nye ko,Xɔnametɔ aɖeke menɔ anyi o, negbe nye ko.+   Melé be na wò le gbea dzi,+ le kuɖiɖinyigba dzi.   Woƒe gbeɖuƒewo ɖi ƒo na wo.+Woɖi ƒo, eye woƒe dzi de asi dada me. Ale woŋlɔm be.+   Manɔ abe dzata ene na wo,+Made xa ɖi abe lãklẽ ene le mɔ to.   Madze wo dzi abe sisiblisinɔ si ƒe vi bu ene,Eye mavuvu woƒe akɔta.* Mavuvu wo le afi ma abe dzata ene;Lã wɔadã avuvu wo ʋayaʋaya.   Oo Israel, atsrɔ̃ wò,Elabena ètso ɖe nye, wò xɔnametɔ ŋu. 10  Azɔ afi kae wò fia la le, ne wòaxɔ na wò le wò duwo katã me,+Eye afi kae wò dziɖula* siwo ŋu nègblɔ le be,‘Na fia kple amegãm’ la le?+ 11  Mena fia wò le nye dɔmedzoe me,+Maɖee ɖa le nye dziku helĩhelĩ me.+ 12  Wobla Efrayim ƒe vodada da ɖi;Wodzra eƒe nu vɔ̃ ɖo. 13  Ase veve abe nyɔnu si le ku lém ene. Ke vi manyanu wònye;Ne azã de la, medoa ta ɖa be woadzi ye o. 14  Maɖe wo le Tsiẽƒe* si me;Magbugbɔ wo axɔ le ku si me.+ Oo Ku, afi kae wò ti si nètsɔ le ame tém la le?+ Oo Tsiẽƒe, afi kae wò nugbegblẽ le?+ Dɔmetɔtrɔ aɣla ɖe nye ŋkuwo. 15  Ne etsi vlɔvlɔvlɔ le aɖawo dome hã,Ɣedzeƒeya, Yehowa ƒe ya, aƒo.Eƒo tso gbegbe gbɔna, ana eƒe vudo namie keŋ, eye wòana eƒe tsidzɔƒe naƒu. Ame ma aha eƒe nu vevi siwo katã le eƒe kesinɔnudzraɖoƒe.+ 16  Woabu fɔ Samaria,+ elabena edze aglã ɖe eƒe Mawu ŋu.+ Woatsi yi nu,Woaxlã wo viwo ɖe nu,+Eye woadze ƒo le woƒe funɔwo nu.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “legba siwo wolólo ga kɔ̀.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “dzixɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ʋɔnudrɔ̃la.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.