Hosea 3:1-5

  • Hosea gbugbɔ xɔ srɔ̃a ahasitɔ la (1-3)

  • Israel atrɔ ava Yehowa gbɔ (4, 5)

3  Eye Yehowa gagblɔ nam be: “Gayi nàlɔ̃ nyɔnu si hawòvi le lɔlɔ̃m eye wòle ahasi wɔm la,+ abe ale si Yehowa lɔ̃ Israel-viwo,+ evɔ wotrɔ ɖe mawu bubuwo ŋu,+ eye wolɔ̃a waintsetsebolowo* ene.”  Eya ta metsɔ klosalo wuiatɔ̃ kple ƒo homer* ɖeka kple afã ƒlee.  Eye megblɔ nɛ be: “Ànye tɔnye anɔ gbɔnye eteƒe nadidi. Mègawɔ gbolo azɔ o, eye mègadɔ kple ŋutsu bubu o, eye nye hã mawɔ na wò nenema.”*  Elabena Israel-viwo anɔ anyi eteƒe nadidi, eye fia,+ amegã, vɔsa, sɔti, kɔmewu+ kple terafim legbawo*+ manɔ wo si o.  Emegbe Israel-viwo atrɔ agbɔ ahadi Yehowa woƒe Mawu+ kple woƒe fia David,+ woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa gbɔ be wòawɔ nyui na yewo le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, esiwo wozãna le alakpasubɔsubɔ me.
Homer ɖeka le lita 220. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “nyemadɔ kpli wò o.”
Alo, “aƒeliwo.”