Hosea 4:1-19

  • Yehowa he nya kple Israel (1-8)

    • Sidzedze Mawu aɖeke mele anyigba la dzi o (1)

  • Israel ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple eƒe gbolowɔwɔ (9-19)

    • Ahasigbɔgbɔ kplɔ amewo trae (12)

4  Oo Israel-viwo, mise Yehowa ƒe nya,Elabena Yehowa le nya hem kple anyigba la dzi nɔlawo,+Elabena nyateƒetoto, dɔmenyonyo alo sidzedze Mawu aɖeke megale anyigba la dzi o.+   Wole alakpatam kam, wole alakpa dam,+ wole ame wum,+Fififi kple ahasiwɔwɔ+ bɔ,Eye ʋukɔkɔɖi tsiã ɖe ʋukɔkɔɖi nu.+   Esia tae anyigba la axa nu,+Eye nu ate edzinɔla ɖe sia ɖe ŋu;Gbemelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo,Kpakple atsiaƒumelãwo ke hã atsrɔ̃.   “Gake ame aɖeke megawɔ dzre alo wòaka mo na ame o,+Elabena wò dukɔ la le abe ame siwo le dzre wɔm kple nunɔla ene.+   Eya ta miakli nu le ŋkeke me,Eye mia kple nyagblɔɖila miakli nu abe le zã me ene. Eye mana ɖoɖoe nazi le mia dada nu.*   Ðoɖoe azi le nye dukɔ nu,* elabena sidzedze aɖeke mele wo si o. Esi miegbe nu le sidzedze gbɔ ta la,+Nye hã magbe mi, be miagawɔ nunɔladɔ nam o;Eye esi mieŋlɔ mia Mawu ƒe se* la be ta la,+Nye hã maŋlɔ mia viwo be.   Zi ale si wosɔ gbɔe la, zi nenemae wowɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye.+ Matrɔ woƒe ŋutikɔkɔe wòazu vlododo.*   Nye dukɔ la ƒe nu vɔ̃e nye woƒe nuɖuɖu,Eye woƒe vodada le wo dzrom* vevie.   Nu ɖekae adzɔ ɖe dukɔ la kple nunɔla siaa dzi;Mabia akɔnta wo le woƒe zɔzɔme ta;Eye mahe woƒe nuwɔna me tsonuwo ava wo dzi.+ 10  Woaɖu nu, ke womaɖi ƒo o.+ Woawɔ gbolo, ke womadzi ɖe edzi o,+Elabena womede bubu Yehowa ŋu o. 11  Gbolowɔwɔ kple wain kpakple wain yeye la,Ðe wonana ame doa kpo nu nyui wɔwɔ.+ 12  Nye dukɔ le nu ta biam le woƒe ati kpakpɛwo gbɔ,Eye wowɔa nu si woƒe atizɔti* gblɔ na wo;Elabena ahasigbɔgbɔ na wotra mɔ,Eye woƒe gbolowɔwɔ na wogbe be yewomabɔbɔ ɖe yewoƒe Mawu te o. 13  Wosaa vɔ le towo tame,+Eye wodoa dzudzɔ le togbɛwo dzi,Le logotiwo, storax-ti kple ati gãwo te,+Esi wodo vɔvɔli nyuie ta. Esia tae mia vinyɔnuwo wɔa gbolo,Eye miaƒe toyɔvinyɔnuwo wɔa ahasi. 14  Nyemebia akɔnta mia vinyɔnuwo le esi wowɔ gbolo,Alo miaƒe toyɔvinyɔnuwo le esi wowɔ ahasi ta o. Elabena ŋutsuwo kplɔa gbolowo ɖea kpɔe,Eye wo kple nyɔnu gbedoxɔmegbolowo saa vɔ;Woatsrɔ̃ dukɔ masenugɔme+ ma. 15  Togbɔ be Israel le ahasi wɔm hã la,+Yuda, wò ya mègawɔ nu vɔ̃ ma o.+ Migava Gilgal,+ alo ayi Bet-Aven,+Alo aka atam be, ‘Zi ale si Yehowa le agbe la!’+ o. 16  Elabena Israel dze aglã abe nyinɔ dzeaglã ene.+ Ðe Yehowa anyi wo abe alẽtsui ene le gbeɖuƒe gbadzaa?* 17  Efrayim ku ɖe legbawo+ ŋu. Miɖe asi le eŋu! 18  Ne wono woƒe aha* la vɔ la,Ekema wowɔa gbolo. Eye edziɖulawo* lɔ̃a vlododo.+ 19  Yaƒoƒo ablae ɖe eƒe aʋalawo me.*Eye ŋu akpe wo ɖe woƒe vɔsawo ŋu.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “matsrɔ̃ mia dada.”
Alo, “nufiafia.”
Alo, “Woatsrɔ̃ nye dukɔ.”
Agate ŋu afia, “Wotsɔ nye ŋutikɔkɔe ɖɔli vlododo.”
Alo, “le woƒe luʋɔ dzrom.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea, “Luʋɔ.”
Alo, “afakala ƒe atizɔti.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “teƒe gbadzaa?”
Alo, “luha.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eƒe akpoxɔnu.”
Alo, “Ya akplɔe dzoe.”