Hosea 5:1-15

  • Wodrɔ̃ ʋɔnu Efrayim kple Yuda (1-15)

5  “Oo nunɔlawo,+ misee,Eye Israel ƒe aƒe, miɖo to,Oo fia ƒe aƒe, ƒu to anyi,Elabena miawo ŋue ʋɔnudɔdrɔ̃ la ku ɖo;Elabena miezu mɔ̃ le MizpaKple ɖɔ woɖo ɖe Tabor To+ dzi.   Megbedelawo* ƒo wo ɖokuiwo ɖe ʋukɔkɔɖi me vĩi,Eye mele nu xlɔ̃m* wo katã.   Menya Efrayim,Eye Israel mele ɣaɣla ɖem o. Oo Efrayim, azɔ èwɔ gbolo;Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui.+   Woƒe nuwɔnawo meɖe mɔ na wo be woatrɔ ava woƒe Mawu gbɔ o,Elabena ahasigbɔgbɔ le wo me;+Eye womedze si Yehowa o.   Israel ƒe dada ɖi ɖase ɖe eŋu;*+Israel kple Efrayim siaa kli nu le woƒe vodada ta,Eye Yuda hã kli nu kpe ɖe wo ŋu.+   Wotsɔ woƒe alẽwo kple woƒe nyiwo yi Yehowa di ge,Ke womete ŋu ke ɖe eŋu o. Ete ɖa le wo gbɔ.+   Womewɔ nuteƒe na Yehowa o,+Elabena vi tutɔwoe wodzi. Azɔ wo kple woƒe nunɔamesiwo* nu ayi le dzinu ɖeka me.   Miku lãdzo+ le Gibea, eye miku kpẽ le Rama!+ Mido aʋaɣli le Bet-Aven+​—míele megbewò, Oo Benyamin!   Oo Efrayim, azu ŋɔdzinu le wò tohegbe.+ Mena wonya nu si ava dzɔ la le Israel-toawo dome. 10  Yuda-megãwo le abe ame siwo ŋea liƒo ɖe eme ene.+ Matrɔ nye dziku helĩhelĩ la akɔ ɖe wo dzi abe tsi ene. 11  Wote Efrayim ɖe anyi, eye wodrɔ̃ ʋɔnui,Elabena eɖoe kplikpaa be, yeadze yeƒe ketɔ yome.+ 12  Eya ta mezu abe agbagblaʋui ene na Efrayim,Eye mezu abe nu vóvo ene na Yuda ƒe aƒe la. 13  Esi Efrayim kpɔ eƒe dɔléle la, eye Yuda kpɔ eƒe abi la,Efrayim yi Asiria,+ eye wòdɔ ame ɖo ɖe fia gã aɖe. Ke fia ma mete ŋu da gbe le mia ŋu o,Eye mete ŋu yɔ dɔ miaƒe abi la o. 14  Elabena manɔ abe dzatatsui ene na Efrayim,Abe dzatatsu* ene na Yuda ƒe aƒe la. Mavuvu wo ʋayaʋaya, mayi aɖalé wo adzoe,+Eye xɔnametɔ aɖeke manɔ anyi na wo o.+ 15  Madzo, magbugbɔ ayi nɔnyeƒe, va se ɖe esime wokpɔ woƒe vodada me tsonuwo,Eye woadi be mave yewo nu.*+ Ne woɖo xaxa me la, woadim.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Aglãdzelawo.”
Alo, “mahe to na.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ɖe mo nɛ.”
Alo, “agblewo.”
Alo, “dzatatsui tokɔdza.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “woadi nye ŋkume.”