Hosea 6:1-11

  • Woxlɔ̃ nu wo be woatrɔ ava Yehowa gbɔ (1-3)

  • Amewo ƒe lɔlɔ̃ si nu yina (4-6)

    • Lɔlɔ̃ vavã nyo wu vɔsa (6)

  • Amewo wɔ ŋukpenanu (7-11)

6  “Miva ne míatrɔ ɖe Yehowa ŋu,Elabena evuvu mí ʋayaʋaya,+ ke ada gbe le mía ŋu. Ede abi mía ŋu, ke ablae na mí.   Agbɔ agbe mí le ŋkeke eve megbe. Afɔ mí le ŋkeke etɔ̃a gbe,Eye míanɔ agbe le eŋkume.   Míadze si Yehowa, míadze agbagba vevie adze sii. Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene;Ava mía gbɔ abe tsidzadza ene,Abe adatsi si ƒoa anyigba ene.”   “Efrayim, nu kae mawɔ wò? Yuda, nu kae mawɔ wò? Elabena miaƒe lɔlɔ̃ le abe ŋdililikpowo ene,Ele abe zãmu si nu yina ene.   Esia tae mato nyagblɔɖilawo dzi afli wo;+Matsɔ nye numenyawo awu wo.+ Ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava mia dzi la aklẽ abe kekeli ene.+   Elabena lɔlɔ̃ vavã* dzea ŋunye wu vɔsa,Eye sidzedze Mawu dzea ŋunye wu numevɔsa blibo.+   Ke wotu nubabla+ la abe ale si amegbetɔ wɔa nui ene. Womewɔ nuteƒe nam o.   Gilead nye nu tovo wɔlawo ƒe du,+Eme yɔ fũu kple afɔteƒe siwo nye ʋu.+   Nunɔlawo ƒe ha le abe adzoha siwo de xa ɖi na ame ene. Wowua ame le Sekem mɔ dzi,+Elabena woƒe nuwɔna nye ŋukpenanu. 10  Mekpɔ ŋunyɔnu si teƒe mekɔ o le Israel ƒe aƒe la me. Afi mae Efrayim wɔa gbolo le;+Israel gblẽ kɔ ɖo na eɖokui.+ 11  Oo Yuda, woɖo nuŋeɣi ɖi na wò hã,Ne megaƒo nye dukɔ ƒe aboyomewo nu ƒu hekplɔ wo gbɔe.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Elabena nublanuikpɔkpɔ.”