Hosea 7:1-16

  • Wogblɔ Efrayim ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu nya (1-16)

    • Ame aɖeke mate ŋu asi le Mawu ƒe ɖɔ la me o (12)

7  “Ne mebe mada gbe le Israel ŋu la,Ekema Efrayim ƒe vodada+ Kple Samaria ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo hã dzea go;+Elabena wole alakpadada dzi;+Fiafitɔ dzea kpɔ, eye adzohawo dzea nu dzi le gota.+  2  Gake womegblɔna le woƒe dzi me be, maɖo ŋku yewoƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã dzi o.+ Azɔ woƒe nuwɔnawo ɖe to ɖe wo;Wole ŋkunyeme tututu.  3  Wotsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do dzidzɔ na fia la,Eye wotsɔ woƒe amebeble do dzidzɔ na amegãwo.  4  Ahasiwɔlawoe wo katã wonye.Wole bibim abe abolokpo si me wodo dzo ɖo ene.Abolomela megatua dzoa ɖo o, va se ɖe esime wòblu amɔwɔa vɔ hedae ɖi wòho.  5  Le míaƒe fia ƒe ŋkekenyui dzi la,Wain de dɔ lãme na amegãwo hena wodo dziku vevie.+ Fia la kea abɔ me na fewuɖulawo.  6  Elabena woƒe dziwo le bibim abe kpodzo ene wotsɔ yina.* Abolomela le alɔ̃ dɔm zã bliboa;Eye kpodzoa bi vlavlavla le ŋdi me.  7  Wo katã woxɔ dzo abe kpodzo ene,Eye wofiã woƒe dziɖulawo.* Woƒe fiawo katã dze anyi;+Wo dometɔ aɖeke meyɔam o.+  8  Efrayim tsaka kple dukɔwo.+ Efrayim le abe abolo nogoe si wometrɔ o ene.  9  Ame tutɔwo xɔ ŋusẽ le esi,+ ke menyae o. Eƒe ta ƒo wɔ, ke menyae o. 10  Israel ƒe dàda bu fɔe,+Ke wometrɔ ɖe Yehowa woƒe Mawu la ŋu o,+Eye womedi eyome mɔ le nu siawo katã me hã o. 11  Efrayim le abe ahɔnɛ tsibome, si nunya mele tagbɔ na o* ene.+ Woyɔ Egipte;+ woyi Asiria.+ 12  Mada nye ɖɔ ɖe wo dzi le afi sia afi si woyi. Maɖiɖi wo ɖe anyi abe dziƒoxewo ene. Mahe to na wo abe ale si woxlɔ̃ nu woƒe ha la ene.+ 13  Baba na wo, elabena wosi le gbɔnye! Gbegblẽ neva wo dzi, elabena woda vo ɖe ŋunye! Menɔ klalo be maɖe wo hafi, ke woda alakpa ɖe asinye.+ 14  Womeyɔm tso woƒe dzi me be maxɔ na yewo o,+Evɔ wole avi fam vevie le woƒe abawo dzi. Woasi wo ɖokuiwo le nuku kple wain yeye ta;Wodzea aglã ɖe ŋunye. 15  Togbɔ be mehe to na wo eye medo ŋusẽ woƒe alɔwo hã la,Wotso ɖe ŋunye hele tame vɔ̃ ɖom. 16  Wotrɔ, ke menye ɖe nu si kɔkɔ wu ŋu o;*Wozu abe dati doagblɔ ene.+ Woƒe amegãwo atsi yi nu le esi woƒe aɖewo gblɔa nya vlowo ta. Esia tae woaɖu fewu le wo ŋu le Egipte-nyigba dzi ɖo.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “abe kpodzo ene esi woyi le ayedzedze me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ʋɔnudrɔ̃lawo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “si si dzi mele o.”
Efia, menye ɖe subɔsubɔ si nyo wu ŋu o.