Hosea 8:1-14

  • Wokpɔ trɔ̃subɔsubɔ me tsonuwo (1-14)

    • Woƒã ya, woxa ahom (7)

    • Israel ŋlɔ Ewɔla be (14)

8  “Tsɔ kpẽ ɖo nu!+ Futɔ aɖe ho ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, egbɔna abe hɔ̃ ene,+Elabena wotu nye nubabla+ la, eye woda nye se la dzi.+   Wole ɣli dom nam be, ‘Oo mía Mawu, mí Israel míedze si wò!’+   Israel tsɔ nu nyui ƒu gbe.+ Futɔ neti eyome.   Woɖo fiawo, ke metso gbɔnye o. Woɖo amegãwo, ke nyemedze si wo o. Wotsɔ woƒe klosalo kple sika wɔ legba na wo ɖokuiwo,+Hena woawo ŋutɔwo ƒe tsɔtsrɔ̃.+   Oo Samaria, wotsɔ wò nyivi la ƒu gbe.+ Nye dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu.+ Ɣekaɣie woava zu ame maɖifɔwo?*   Elabena Israel ye esia tso. Aɖaŋudɔwɔlae wɔe, menye Mawue o;Woagbã Samaria ƒe nyivi la gudugudu.   Elabena ya ƒãmee wole,Eye ahom ye woaxa.+ Nuku mele bo dzi le afi aɖeke o.+Nuku si wɔ la, made na wɔtutu o. Ne ɖe wɔ hã la, amedzrowo* ahae aɖu.+   Woami Israel.+ Azɔ woava nɔ dukɔwo dome,+Abe nugoe si ŋu dɔ womagawɔ o ene.   Elabena woyi Asiria,+ abe gbetedzi tsiakogo ene. Efrayim da ahiãviwo.+ 10  Togbɔ be woda wo tso dukɔwo dome hã la,Maƒo wo nu ƒu azɔ;Woakpe fu+ le agba si fiawo kple amegãwo do na wo la ta. 11  Elabena Efrayim ɖi vɔsamlekpuiwo kpaŋkpaŋ be wòatsɔ awɔ nu vɔ̃e.+ Wozu vɔsamlekpui hena nu vɔ̃ wɔwɔ.+ 12  Meŋlɔ nye se* la me nya geɖewo nɛ,Ke wobu wo nu tutɔwoe.+ 13  Wotsɔa lã saa vɔe be wòanye nunana nam, eye woɖua lã la,Ke woƒe nu medzea Yehowa ŋu o.+ Azɔ aɖo ŋku woƒe vodada la dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.+ Wogbugbɔ* yi Egipte.+ 14  Israel ŋlɔ Ewɔla+ be, eye wòtu gbedoxɔwo,+Yuda hã tso du sesẽwo.+ Gake maɖo dzo ɖe eƒe duwo me,Ne wòafiã woƒe xɔ tsralawo.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Ɣekaɣie wo ŋu adza?”
Alo, “ame tutɔwo.”
Alo, “nufiafia.”
Agate ŋu afia, “Woatrɔ.”