Hosea 9:1-17

  • Efrayim ƒe nu vɔ̃ na Mawu gbee (1-17)

    • Wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu (10)

9  “Oo Israel, mègakpɔ dzidzɔ o,+Mègatso aseye abe dukɔwo ene o. Elabena èto gbolowɔwɔ me trɔ le wò Mawu yome.+ Èlɔ̃ gbolohoxɔxɔ le nukuƒoƒewo katã.+   Gake nukuƒoƒe kple wainfiãƒe manyi wo o,Eye wain yeye mawɔ nɛ o.+   Womayi edzi anɔ Yehowa ƒe anyigba la dzi o;+Ke boŋ Efrayim agbugbɔ ayi Egipte,Eye woaɖu nu makɔmakɔ le Asiria.+   Womagatrɔ wain akɔ ɖi na Yehowa o;+Woƒe vɔsawo manyo eŋu o.+ Wole abe konyifabolo ene na wo;Ame siwo katã ɖui la agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokuiwo. Elabena woƒe abolo anye woawo* ɖeɖe tɔ;Mava Yehowa ƒe me o.   Nu kae miawɔ le takpegbe*Kple Yehowa ƒe ŋkekenyui la ɖugbe?   Elabena kpɔ ɖa, woasi le esi wotsrɔ̃ wo ta.+ Egipte aƒo wo nu ƒu,+ eye Memfis aɖi wo.+ Dza amie ɖe woƒe klosalonu veviwo dzi,Eye ŋù amie ɖe woƒe agbadɔwo me.   Kpɔkpɔɖaŋkeke la gbɔna,+Tohegbe la aɖo,Eye Israel anya nu si wònye. Nyagblɔɖila azu bometsila, ame si dzi gbɔgbɔ le la azu tsukunɔ;Le wò vodada gbogboawo ta, elabena wolé fu wò vevie ŋutɔ.”   Efrayim ƒe gbetakpɔla+ nɔ nye Mawu gbɔ.+ Gake fifia la eƒe nyagblɔɖila+ ƒe toƒewo katã le abe xevimɔ̃trela ƒe mɔ̃wo ene;Fuléle le eƒe Mawu ƒe aƒe la me.   Woƒo wo ɖokuiwo ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ me vĩi abe le Gibea+ ŋɔli ene. Aɖo ŋku woƒe vodada la dzi eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.+ 10  “Mekpɔ Israel le gbegbe abe waintsetse ene.+ Mekpɔ mia tɔgbuiwo abe gbotsetse gbãtɔ le gboti dzi ene. Gake woyi Baal si le Peor+ gbɔ;Woɖe adzɔgbe na ŋukpenanu*+ la,Eye wozu ŋunyɔnu abe nu si ŋu woƒe dzi ku ɖo la ke ene. 11  Efrayim hã ƒe ŋutikɔkɔe dzo dzo abe xevi ene;Ale be vidzidzi, fufɔfɔ kple fudodo aɖeke meli o.+ 12  Ne wonyi viwo wotsi hã la,Mana woaku na wo, ale be ame aɖeke maganɔ anyi o;+Baba na wo, ne metrɔ ɖa le wo ŋu!+ 13  Efrayim, si wodo ɖe lãnyiƒe la le nam abe Tiro ene;+Azɔ Efrayim akplɔ viawo ayi amewuƒe.” 14  Oo Yehowa, na nu si wòle be nàna wo la wo.Na vidzidɔ si metsɔa fu o kple no ƒuƒui kplalɛ* wo. 15  “Gilgal ye wowɔ woƒe nu vɔ̃ɖiwo katã le,+ eye tso afi mae melé fu wo. Manya wo ɖa le nye aƒe la me le woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo ta.+ Nyemayi edzi alɔ̃ wo ɖaa o;+Woƒe amegãwo katã nye aglãdzelawo. 16  Woada nu Efrayim.+ Woƒe kè aƒu, womatse ku aɖeke o. Eye ne wodzi vi hã la, mana woƒe dɔmevi siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o la naku.” 17  Nye Mawu agbe wo,Elabena womeɖo toe o,+Eye woazu sisilawo le dukɔwo dome.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “woƒe luʋɔ.”
Alo, “miaƒe azãgbe.”
Alo, “ŋukpenamawu.”
Alo, “no léayi.”