Konyifahawo 1:1-22

  • Woɖɔ Yerusalem abe ahosi ene

    • Etsi akogo, wogblẽe ɖi (1)

    • Zion ƒe nu vɔ̃ gãwo (8, 9)

    • Mawu gbe Zion (12-15)

    • Ame aɖeke meli afa akɔ na Zion o (17)

א [Alef]* 1  Aleke du si me amewo yɔ fũu tsã la, tsi akogo ale!+ Aleke du si me tɔwo sɔ gbɔ le dukɔwo dome la, va zu abe ahosi ene!+ Aleke eya, si nye fianyɔnu le nutowo dome, va zu kluvi ale!+ ב [Bet]   Ele avi fam hehehe le zã me,+ eye aɖatsi tsi alɔgo dzi nɛ. Eƒe lɔlɔ̃tɔawo dometɔ aɖeke meli afa akɔ nɛ o.+ Eƒe zɔhɛwo katã gblẽe ɖi;+ wotrɔ zu eƒe futɔwo. ג [Gimel]   Yuda yi aboyo me+ va zu fukpela kple kluvidɔ sesẽ wɔla.+ Eva tsi dukɔwo dome;+ mekpɔ gbɔɖemeƒe aɖeke o. Ame siwo katã le eyome tim la va tui le eƒe xaxawo me. ד [Dalet]   Zion mɔwo le konyi fam, elabena ame aɖeke megavaa ŋkekenyui ɖuƒe o.+ Eƒe agbowo katã gbã;+ eƒe nunɔlawo le hũ ɖem. Eƒe ɖetugbui leaƒewo* le nu xam, eye eya ŋutɔ le veve helĩhelĩ me. ה [He]   Eƒe ketɔwo zu eƒe aƒetɔ;* eƒe futɔwo ɖe dzi ɖi.+ Elabena Yehowa do nuxaxa nɛ, le eƒe dzidada gbogboawo ta.+ Viawo dze ketɔ la ŋgɔ yi aboyo me.+ ו [Waw]   Zion vinyɔnu ƒe atsyɔ̃ la katã nu yi.+ Eƒe amegãwo le abe zi siwo mekpɔ gbeɖuƒe o ene,Eye wole zɔzɔm kudɔkudɔe le wo yometilawo ŋgɔ. ז [Zayin]   Le ŋkeke siwo me Yerusalem le fu kpem, eye mekpɔ aƒe si me wòanɔ o la, eɖo ŋkuNu vevi siwo nɔ esi le blema la dzi.+ Esi eƒe amewo dze ketɔ la si me, eye xɔnametɔ aɖeke meli nɛ o la,+Ketɔwo kpɔ eƒe anyidzedze la, eye wokoe.*+ ח [Het]   Yerusalem ƒe nu vɔ̃ lolo.+ Esia tae wòzu ŋunyɔnu. Ame siwo katã dea bubu eŋu la do vloe, elabena wokpɔ eƒe ama.+ Eya ŋutɔ le hũ ɖem,+ eye wòtrɔ mo ɖe aga le ŋukpe ta. ט [Tet]   Eƒe nu makɔmakɔwo ɖe ɖe eƒe awu me. Mebu eƒe etsɔme ŋu o,+ Eƒe anyidzedze wɔ nuku; ame aɖeke meli afa akɔ nɛ o. Oo Yehowa, kpɔ nye fukpekpe la, elabena futɔ la le adegbe ƒom.+ י [Yod] 10  Ketɔ la do asi ɖe eƒe kesinɔnuwo katã gbɔ.+ Elabena ekpɔ dukɔwo woge ɖe eƒe kɔkɔeƒe la,+Ame siwo mèɖe mɔ na be woage ɖe wò ha la me o hafi. כ [Kaf] 11  Eƒe amewo katã le hũ ɖem; wole abolo dim.+ Wotsɔ woƒe nu veviwo na ɖe nuɖuɖu ta, ne woatsi agbe.* Oo Yehowa, kpɔ ale si mezu abe nyɔnu yakame ene ɖa.* ל [Lamed] 12  Mi ame siwo katã le mɔ dzi va yina, ɖe esia mewɔ naneke na mi oa? Milé ŋku ɖe ŋunye miakpɔ ɖa! Ðe ame aɖe se veve abe esi sem mele,Si nye vevesese si Yehowa do nam le eƒe dɔmedzoedogbe la ene kpɔa?+ מ [Mem] 13  Eɖo dzo ɖa tso dzi ɖe nye ƒuwo me,+ eye wòge ɖe nye ƒuwo katã me. Eɖo ɖɔ na nye afɔwo; egbugbɔm ɖe megbe. Ena mezu nyɔnu si ɖi gbɔlo. Medze dɔ ŋkeke blibo la katã. נ [Nun] 14  Etsɔ eƒe asiwo ƒo ƒu nye vodadawo hebla wo abe kɔkuti ene. Etsɔ wo ku kɔ nam, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye. Yehowa tsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o.+ ס [Samek] 15  Yehowa tsɔ nye kalẽtɔwo katã ƒu gbe le donyeme.+ Eyɔ takpekpe ɖe ŋunye, ne woagbã nye ɖekakpuiwo gudugudu.+ Yehowa fanya Yuda ɖetugbui leaƒe la le wainfiãnu me.+ ע [Ayin] 16  Nu siawo tae mele avi fam ɖo;+ nye ŋkuwo le aɖatsi fam yoyoyo. Elabena ame si afa akɔ nam, alo ana gbɔdzɔem* la, le adzɔge. Vinyewo tsrɔ̃, elabena futɔ la ƒe alɔ de dzi. פ [Pe] 17  Zion ke eƒe abɔwo me;+ gake ame aɖeke meli afa akɔ nɛ o. Yehowa dɔ Yakob ƒe ketɔ siwo katã ƒo xlãe la ɖe eŋu.+ Yerusalem zu ŋunyɔnu na wo.+ צ [Tsade] 18  Yehowa tɔ dzɔ,+ elabena eƒe sewo* ŋue medze aglã ɖo.+ Mi dukɔwo katã, misee, ne miakpɔ nye vevesese la. Nye ɖetugbui leaƒewo* kple nye ɖekakpuiwo yi aboyo me.+ ק [Kof] 19  Meyɔ lɔ̃nyelawo, gake wogbe vava.+ Nye nunɔlawo kple nye ametsitsiwo ku le dua me,Esime wole nu dim be yewoaɖu, ne yewoatsi agbe.*+ ר [Res] 20  Oo Yehowa, kpɔ ɖa, meɖo xaxa me. Nye dɔ me* le totrom. Nye dzi le togotogoe ƒom le menye, elabena vavãe, medze aglã.+ Yi le viwo wum le gota;+ le aƒe me hã, ku koe li. ש [Sin] 21  Wose ale si mele hũ ɖemee; ame aɖeke meli afa akɔ nam o. Nye futɔwo katã se be vɔ̃ dzɔ ɖe dzinye. Wotso aseye, elabena wòe na wòdzɔ alea.+ Gake àna ŋkeke si nèɖe gbeƒãe la naɖo,+ ale be woawo hã woanɔ abe nye ene.+ ת [Taw] 22  Woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã neva ŋkuwòme, eye nàtu nu kpli wo vevie,+Abe ale si nètu nu kplim vevie le nye dzidadawo katã ta ene. Elabena nye hũɖeɖewo sɔ gbɔ, eye nye dzi le veve sem ŋutɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

Ta 1-4 nye konyifahawo le Hebrigbe ƒe alfabetawo ƒe ɖoɖo nu.
Alo, “ɖetugbuiwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ta.”
Alo, “dzi dzɔ wo.”
Woƒo nu tso Yerusalam ŋu le afi sia abe ame ene.
Alo, “ne woƒe luʋɔ natsi agbe.”
Alo, “ana gbɔdzɔe nye luʋɔ.”
Alo, “ɖetugbuiwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “numenyawo.”
Alo, “ne yewoƒe luʋɔ natsi agbe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nye dɔkaviwo.”