Konyifahawo 2:1-22

  • Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yerusalem ŋu

    • Womekpɔ nublanui na wo o (2)

    • Yehowa zu eƒe futɔ (5)

    • Wofa aɖatsi le Zion ta (11-13)

    • Emetsolawo ɖu fewu le du si nya kpɔ tsã la ŋu (15)

    • Futɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe Zion ƒe anyidzedze ŋu (17)

א [Alef] 2  Aleke Yehowa tsɔ eƒe dɔmedzoelilikpo tsyɔ Zion vinyɔnu la dzi ale! Etsɔ Israel ƒe atsyɔ̃ la xlã ɖe anyi tso dziƒo.+ Meɖo ŋku eƒe afɔɖodzinu la dzi+ le eƒe dɔmedzoedogbe o. ב [Bet]   Yehowa mi Yakob ƒe nɔƒewo katã nublanuimakpɔmakpɔe. Egbã Yuda vinyɔnu la ƒe mɔ́ sesẽwo ƒu anyi le eƒe dziku helĩhelĩ me.+ Eɖiɖi wo ɖe anyi hegblẽ kɔ ɖo na fiaɖuƒe la+ kple eƒe amegãwo.+ ג [Gimel]   Etsɔ dziku helĩhelĩ ŋe Israel ƒe ŋusẽ katã* ɖa. Ehe eƒe nuɖusi ɖe megbe esi futɔ la va,+Ebi le Yakob abe dzobibi si fiãa nu sia nu si ƒo xlãe la ene.+ ד [Dalet]   Ebi eƒe dati abe futɔ ene; eƒe nuɖusi sɔ gbe abe ketɔ ene;+Ele woƒe ame veviwo katã wum.+ Etrɔ eƒe dɔmedzoe ƒo ɖe Zion vinyɔnu+ ƒe agbadɔ me abe dzo ene.+ ה [He]   Yehowa zu abe futɔ ene;+Emi Israel. Emi eƒe xɔ tsralawo katã;Egbã eƒe mɔ́ sesẽawo katã. Edzi Yuda vinyɔnu la ƒe nuxaxa kple konyifafa ɖe edzi. ו [Waw]   Ekaka eƒe agbadɔ+ abe agbadɔ dzro aɖe ko le abɔ me ene. Etsi eƒe ŋkekenyui la nu.+ Yehowa na woŋlɔ ŋkekenyui kple sabat be le Zion,Le eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ me la, mebu fia kple nunɔla ɖe naneke me o.+ ז [Zayin]   Yehowa gbe nu le eƒe vɔsamlekpui la gbɔ;Egbe eƒe kɔkɔeƒe la.+ Etsɔ eƒe mɔ́ sesẽwo ƒe gliwo de asi na futɔ la.+ Woƒe gbe de dzi le Yehowa ƒe aƒe la me,+ abe le ŋkekenyuiɖugbe ene. ח [Het]   Yehowa ɖoe be yeamu Zion vinyɔnu la ƒe gli aƒu anyi.+ Eda dzidzeka.+ Mehe eƒe asi ɖe megbe le tsɔtsrɔ̃ hehe vɛ ŋu o.* Eye wòna kpoƒuƒu kple gli le konyi fam. Ŋusẽ vɔ le wo kple eve la siaa ŋu. ט [Tet]   Eƒe agbowo ɖo agu.+ Egblẽ eƒe gametiwo heŋe wo. Eƒe fia kple eƒe amegãwo le dukɔwo dome.+ Se* aɖeke meli o; eƒe nyagblɔɖilawo gɔ̃ hã mekpɔ ŋutega aɖeke tso Yehowa gbɔ o.+ י [Yod] 10  Zion vinyɔnu ƒe ametsitsiwo bɔbɔ nɔ anyigba hezi ɖoɖoe.+ Wolɔ ke kɔ ɖe tame eye wota akpanya.+ Yerusalem ɖetugbui leaƒewo de mo to. כ [Kaf] 11  Nye ŋkuwo fa aɖatsi ʋuu wòte wo ŋu.+ Nye dɔ me* le totrom. Nye aklã dudu ɖe anyigba le nye dukɔ la ƒe vinyɔnu* ƒe anyidzedze ta,+Elabena ɖeviwo kple vidzĩwo le ƒenyi kum le dua ƒe ablɔwo me.+ ל [Lamed] 12  Wole wo dadawo biam be, “Abolo kple wain ɖe?”+ Esime wole ƒenyi kum le dua ƒe ablɔ me eye wole abe ame si ŋu wode abi ene,Esime woƒe agbe* nu nɔ tsotsom le wo dadawo ƒe akɔnu. מ [Mem] 13  Nu ka mazã wòanye ɖase namOo Yerusalem vinyɔnu, nu kae matsɔ wò asɔ kplii? Oo, Zion ɖetugbui leaƒe, nu kae matsɔ wò asɔ kplii, ne mafa akɔ na wò? Elabena wò abi la keke abe atsiaƒu ene.+ Ame kae ate ŋu ada gbe le ŋuwò?+ נ [Nun] 14  Ŋutega siwo wò nyagblɔɖilawo kpɔ na wò la nye alakpa kple beble,+Eye womeklo nu le wò vodada dzi ne woaxe mɔ na wò aboyomeyiyi o,+Ke boŋ wokpɔa alakpaŋutega eye wogblɔa ameflunyawo na wò.+ ס [Samek] 15  Ame siwo katã tso eme va yina la sia akpe ɖe ŋuwò tsɔ ɖua fewu le ŋuwò.+ Ewɔa moyaa na wo wolia aku+ heʋuʋua ta ɖe Yerusalem vinyɔnu la ŋu gblɔna be: “Du si ŋu wogblɔna le tsã be, ‘Enye tugbewo ƒe tugbe, anyigba blibo la ƒe dzidzɔ’ lae nye esia?”+ פ [Pe] 16  Wò futɔwo katã ke nu baa ɖe ŋuwò. Wolia aku hele aɖukli ɖum le gbɔgblɔm be: “Míemii.+ Ŋkeke si míele mɔ kpɔm na lae nye esia!+ Eva ɖo azɔ, eye míekpɔ eteƒe!”+ ע [Ayin] 17  Yehowa wɔ nu si wòɖo la;+ ewɔ eƒe nya dzi de goe,+Nya si wògblɔ tso blema ke.+ Egbã nu ƒu anyi nublanuimakpɔmakpɔe.+ Ena dzi dzɔ futɔ la le tawò; ena wò ketɔwo kpɔ ŋusẽ.* צ [Tsade] 18  Oo Zion vinyɔnu ƒe gli, amewo ƒe dzi do ɣli na Yehowa. Na aɖatsi nasi abe tɔsisi ene zã kple keli. Mègagbɔ ɖe eme o; wò ŋku* megagbɔ ɖe eme o. ק [Kof] 19  Fɔ! Do boboe le zã me, ne ŋdi me ŋudzɔɣiwo dze egɔme. Trɔ wò dzi ƒo ɖe anyi le Yehowa ŋkume abe tsi ene. Wu wò asiwo dzi nɛ le viwòwo ƒe agbe* ta,Ame siwo kua ƒenyi le kpɔdomeewo katã ƒe dzogoewo dzi le dɔwuame ta.+ ר [Res] 20  Oo Yehowa, ɖo ŋku anyi, eye nàkpɔ ame si nètu nu kplii vevie la. Ðe nyɔnuwo anɔ woawo ŋutɔwo ƒe dɔmevi, ɖevi siwo ƒe ŋkeke de hafi wodzi la, ɖuɖu dzia,+Alo ɖe woanɔ nunɔlawo kple nyagblɔɖilawo wum ɖe Yehowa ƒe kɔkɔeƒe laa?+ ש [Sin] 21  Ðeviwo kple tsitsiawo siaa ku tsi anyigba le kpɔdomeewo.+ Nye ɖetugbui leaƒewo* kple nye ɖekakpuiwo tsi yi nu.+ Èwu ame le wò dɔmedzoedogbe; èwu ame nublanuimakpɔmakpɔe.+ ת [Taw] 22  Ale si nèyɔa amewo hena ŋkekenyuiɖuɖu la,+ nenemae nèyɔ ŋɔdzi tso goawo katã mee. Ame aɖeke mesi alo tsi agbe le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe la o;+Vi siwo medzi* hekpɔ wo dzi wotsi la, nye futɔ la tsrɔ̃ wo keŋ.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Israel ƒe dzo ɖe sia ɖe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le emimi me o.”
Alo, “Mɔfiame.”
Woƒo nu tso dukɔa ŋu abe ame ene, ɖewohĩ tsɔ ɖe veveseɖeamenu alo nublanuikpɔkpɔ fia.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nye dɔkaviwo.”
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ƒe dzo de dzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “wò ŋku vinyɔnu.”
Alo, “luʋɔwo.”
Alo, “ɖetugbuiwo.”
Alo, “Vi siwo medzi wole lãmesẽ me.”