Konyifahawo 4:1-22

  • Toɖeɖe ɖe Yerusalem me tsonu vɔ̃ɖiwo

    • Nuɖuɖu vɔ (4, 5, 9)

    • Nyɔnuwo ɖa woawo ŋutɔ wo viwo (10)

    • Yehowa trɔ eƒe dziku kɔ ɖi (11)

א [Alef] 4  Aleke sika si le keklẽm, sika nyui la, nyɔ vĩi ale!+ Aleke wokaka kpe kɔkɔewo+ ɖe kpɔdomeewo ƒe dzogoewo katã dzi ale!+ ב [Bet]   Zion ƒe vi veviwo, ame siwo ƒe dadame sɔ kple* sika si ŋu wodza,Aleke wobu wo abe anyize,Si nye zemela ƒe asinudɔwɔwɔ ene! ג [Gimel]   Agbotoewo ke hã naa no wo viwo wonona,Ke nye dukɔ vinyɔnu ya ƒe tagbɔ sẽ,+ abe golo* le gbedzi ene.+ ד [Dalet]   Vi nono ƒe aɖe lé ɖe nu me* nɛ le tsikɔwuame ta. Ðeviwo biaa abolo,+ gake ame aɖeke menaa wo o.+ ה [He]   Ame siwo ɖua nu viviwo tsã la, dɔ wu wo ʋuu wotsi kpɔdomeewo.+ Ame siwo wotaa aɖabɛ na tsã la+ mlɔ aɖukpo dzi. ו [Waw]   Nye dukɔ vinyɔnu la ƒe tohehe* kpe wu tohehe si va Sodom dzi le eƒe nu vɔ̃ ta,+Du si wotrɔ bu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o.+ ז [Zayin]   Eƒe Naziritɔwo+ le dzadzɛ wu sno, wofu wu notsi. Wo ŋu biã wu soe; wo ŋu zrɔ̃ abe safir-kpe ene. ח [Het]   Ke azɔ la, woƒe dzedzeme nyɔ wu dzɔble gɔ̃ hã;Womedzea si wo le kpɔdomeewo o. Woƒe ŋutigbalẽ lé ɖe woƒe ƒuwo ŋu kpaɖii;+ eƒu abe nake ene. ט [Tet]   Ame siwo tsi yi nu la tɔ nyo wu ame siwo tsi dɔwuame si me,+Ame siawo ɖi ku glaŋ, le esi agblemenuwo ƒe hiã ƒo ɖe wo abe yi ene ta. י [Yod] 10  Nyɔnu siwo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu ke hã ƒe asiwo ɖa woawo ŋutɔwo ƒe viwo.+ Wozu abe nuxaxabolo ene na amewo le nye dukɔ vinyɔnu la ƒe anyidzeɣi.+ כ [Kaf] 11  Yehowa ɖe eƒe dɔmedzoe la fia;Etrɔ eƒe dziku helĩhelĩ ƒo ɖi.+ Edo dzo ɖe Zion, eye wòfiã eƒe gɔmeɖoanyiwo.+ ל [Lamed] 12  Anyigbadzifiawo kple anyigba la dzi nɔlawo katã mexɔe seBe ketɔ la kple futɔ la age ɖe Yerusalem ƒe agbowo me hafi o.+ מ [Mem] 13  Nu siawo katã dzɔ le eƒe nyagblɔɖilawo ƒe nu vɔ̃wo, eƒe nunɔlawo,+Ame siwo kɔ ame dzɔdzɔewo ƒe ʋu ɖi le eme ƒe vodadawo ta.+ נ [Nun] 14  Wotsa tsaglãla le ablɔwo me abe ŋkunɔwo+ ene. Woƒo ʋu,+Ale be ame aɖeke mete ŋu ka asi woƒe avɔwo ŋu o. ס [Samek] 15  Wodo ɣli ɖo ɖe wo be: “Mite ɖa! Mia ŋu mekɔ o! Mite ɖa! Mite ɖa! Migaka mía ŋu o!” Elabena wozu aƒemanɔsitɔwo eye wole tsaglãla tsam. Wogblɔ le dukɔwo dome be: “Womate ŋu anɔ mía dome o.*+ פ [Pe] 16  Yehowa ƒe mo ka wo hlẽ;+Magatsɔ ɖeke le eme na wo azɔ o. Womabu nunɔlawo+ loo alo ave ame tsitsiwo nu o.”+ ע [Ayin] 17  Fifia gɔ̃ hã míaƒe ŋkuwo kpɔ mɔ na xɔname wòglo.+ Míekpɔ mɔ na xɔname ʋuu tso dukɔ si mate ŋu axɔ na ame o la gbɔ.+ צ [Tsade] 18  Futɔwo le ŋku lém ɖe míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe ŋu+ ale gbegbe be zɔzɔ le míaƒe ablɔwo me zu dɔ. Míaƒe nuwuwu gogo; míaƒe ŋkekewo vɔ, elabena míaƒe nuwuwu ɖo. ק [Kof] 19  Mía yometilawo ɖe abla wu hɔ̃ le yame.+ Woyɔ mí ɖe nu le towo dzi; wode xa ɖe gbedzi na mí. ר [Res] 20  Asi su míaƒe ŋɔtimegbɔgbɔ, Yehowa ƒe amesiamina+ la dzi le woƒe ʋe gã la me,+Eya, ame si ŋu míegblɔ le be: “Míanɔ eƒe vɔvɔli te le dukɔwo dome.” ש [Sin] 21  Oo Edom vinyɔnu,+ si le Uz-nyigba dzi, tso aseye, eye nàkpɔ dzidzɔ. Gake kplu la gbɔna wò hã gbɔwò to ge,+ ànoe amu aɖe ama.+ ת [Taw] 22  Oo Zion vinyɔnu, wò vodada ŋuti tohehe la wu enu. Magakplɔ wò ayi aboyo me azɔ o.+ Gake atrɔ ɖe wò vodada la ŋu, Oo Edom vinyɔnu. Aklo nu le wò nu vɔ̃wo dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “xɔ asi abe.”
Alo, “tsatsaboli.
Alo, “lé ɖe aŋɔme.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “vodada.”
Alo, “Womate ŋu anye amedzrowo anɔ mía dome o.”