Malaki 4:1-6

  • Eliya ƒe vava do ŋgɔ na Yehowa ƒe ŋkekea (1-6)

    • ‘Dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe aklẽ’ (2)

4  “Kpɔ ɖa, ŋkeke si gbɔna la le bibim abe kpodzo ene,+ esime dadalawo kple nu vɔ̃ɖi wɔlawo katã azu abe ahɔ̃liti ene. Eye ŋkeke si gbɔna la afiã wo keŋkeŋ ale be ke alo alɔ gɔ̃ hã masusɔ na wo o,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.  “Ke mi ame siwo dea bubu* nye ŋkɔ ŋu la, dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe, si ƒe keklẽ* me gbedada le la, adze na mi, ame siwo vɔ̃a nye ŋkɔ la; eye miado anɔ kpo tim abe nyivi damiwo ene.”  “Miafanya ame vɔ̃ɖiwo ɖe miaƒe afɔ te, elabena woanɔ abe ʋuʋudedi ene anɔ miaƒe afɔ te le gbe si gbe matso,” aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.  “Miɖo ŋku nye subɔla Mose ƒe Se, si mede nɛ le Horeb, be wòanye ɖoɖowo kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti mɔfiamewo na Israel blibo la katã, la dzi.+  “Kpɔ ɖa! Mele nyagblɔɖila Eliya dɔm ɖe mi,+ hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.+  Agatrɔ fofowo ƒe dzi ɖe viwo ŋu,+ kple viwo ƒe dzi ɖe fofowo ŋu, ale be nyemava tsrɔ̃ anyigba la gbidii o.”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame siwo vɔ̃a.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋalawo.”