Nahum 1:1-15

  • Hlɔ̃biabia Mawu ƒe futɔwo (1-7)

    • Mawu biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo (2)

    • Yehowa nya ame siwo sinɛ tsona (7)

  • Woatsrɔ̃ Niniwe ɖa keŋkeŋ (8-14)

    • Xaxa mado ta ɖa zi evelia o (9)

  • Wogblɔ nya nyui na Yuda (15)

1  Nya ɖe Niniwe ŋu:+ Elkostɔ Nahum* ƒe ŋutegagbalẽ:   Yehowa nye Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo,+ eye wòbiaa hlɔ̃;Yehowa biaa hlɔ̃, eye wòdoa dɔmedzoe.+ Yehowa biaa hlɔ̃ eƒe futɔwo,Eye wòléa dɔmedzoe ɖi na eƒe futɔwo.   Yehowa medoa dziku kabakaba o,+ eye ŋusẽ gã le esi,+Ke Yehowa magbe tohehe ne ehiã o.+ Eƒe mɔ to ya ʋuduʋudu kple ahom me,Eye alilikpo dodowo le abe ʋuʋudedi ene le eƒe afɔ te.+   Ebluna ɖe atsiaƒu ta+ wòmiena;Enana tɔsisiwo katã me tsiwo miena.+ Basan kple Karmel yrɔ,+Eye Libanon seƒoƒowo yrɔ.   Towo ʋuʋu le eta,Eye togbɛwo lólo gbanaa.+ Anyigba adzo kpekpekpe le eŋkume,Anyigba la kple edzinɔlawo katã.+   Ame kae ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu?+ Eye ame kae ate ŋu atso ɖe eƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ŋu?+ Atrɔ eƒe dziku aƒo ɖi abe dzo ene,Eye agakpewo akaka le eta.   Yehowa nyo,+ mɔ́ sesẽ wònye le xaxagbe.+ Enya* ame siwo sinɛ tsona.+   Atsɔ tsiɖɔɖɔ atsrɔ̃ du* ma ɖa keŋkeŋ,Eye viviti anya eƒe futɔwo ɖe nu.   Nugbe kae miaɖo ɖe Yehowa ŋu? Ele nu tsrɔ̃ ge keŋkeŋ. Xaxa mado ta ɖa zi evelia o.+ 10  Elabena woɖo wo nɔewo me abe aŋɔka ene,Eye wole abe ame siwo mu aha* ene;Ke hã, woafiã keŋkeŋ abe ahɔ̃liti ƒuƒu ene. 11  Mewòe ame si ɖo nugbe ɖe Yehowa ŋu,Eye wòɖoa aɖaŋu gbɔlo la, ado tso. 12  Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Togbɔ be ŋusẽ le wo ŋu ale gbegbe, eye wosɔ gbɔ taŋtaŋ hã la,Woalã wo ɖa; wo nu ayi.* Mana nàkpe fu,* ke emegbe nyemagana nàkpe fu azɔ o. 13  Azɔ maŋe eƒe kɔkuti ɖa le dziwò,+Eye matso eƒe kawo le ŋuwò. 14  Se si Yehowa de ɖe ŋuwòe* nye esi:‘Dzidzime aɖeke madzɔ tso wò ŋkɔ me azɔ o. Matsrɔ̃ legbawo kple galegbawo* ɖa le wò mawuwo ƒe me.* Maɖe yɔdo na wò, elabena ènyɔ ŋu.’ 15  Kpɔ ɖa! Du nyui xɔla, ame si ɖea gbeƒã ŋutifafa,+Ƒe afɔwoe nye ema ɖo towo dzi. Oo Yuda, ɖu wò ŋkekenyuiwo, wɔ+ wò adzɔgbeɖeɖewo dzi,Elabena yakame aɖeke magava to mewò azɔ o. Woatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ.”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmee nye, “Akɔfala.”
Alo, “Eléa be na.”
Efia, Niniwe.
Alo, “luha.”
Agate ŋu afia, “woato wo dome ayi.”
Efia, Yuda.
Efia, Asiria.
Alo, “legba siwo wolólo ga kɔ̀.”
Alo, “trɔ̃xɔ me.”